Logo Apl Bible
Ikon Carian

Ester 10

10
Mordekai ƒe gãnyenye
1Fia Ahasuerus ɖo nudzɔdzɔ ame siwo le anyigba la ŋutɔ kple ame siwo le ƒukpowo gɔ̃ hã dzi la siaa dzi. 2Woŋlɔ Fia Ahasuerus ƒe nu gã siwo wòwɔ kple Mordekai ƒe gãnyenye kple bubu siwo fia la de eŋu la ɖe Media fiawo kple Persia fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. 3Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ.

Terpilih Sekarang Ini:

Ester 10: AL

Highlight

Salin

Bandingkan

Kongsi

None

Ingin menyimpan sorotan merentas semua peranti anda? Mendaftar atau log masuk