Marko 10
10
Le srɔ̃tɔwo ƒe mamã ŋuti.
1Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo. 2Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã? 3Eye wòɖo ŋu na wo bena: Aleke Mose de see na mi mahã? 4Ke wogblɔ bena: Mose ɖe mɔ bena, woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ, eye woaɖe asi le eŋu. 5Eye Yesu gblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋuti woŋlɔ se sia ɖi na mi ɖo. 6Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe. 7Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnua ŋuti, 8eye wo kpakple eve woanye ŋutilã ɖeka, ale bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. 9Azɔ nusi ke Mawu bla ɖekae la, ame nagamã me o. 10Eye le aƒea me la nusrɔ̃lawo gabia le nya sia ŋuti. 11Eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke aɖe asi le srɔ̃a ŋuti, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi ɖe eyama ŋuti; 12eye ne nyanu agbe srɔ̃a, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi.
Yesu yra ɖeviwo.
13Eye wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ be, woada asi ɖe wo dzi; ke nusrɔ̃lawo blu ɖe amesiwo tso wo ve la ta. 14Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la. 15Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o. 16Eye esi wòlé wo ɖe eƒe akɔnu la, eyra wo, le esime wòda asi ɖe wo dzi.
Ɖekakpui kesinɔtɔ la.
17Eye esi wòdze mɔ dzi la, amea ɖe si du va dze klo ɖe eƒe akɔ me, eye wòbiae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mava la dome mahã? 18Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko. 19Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò. 20Ke egblɔ nɛ bena: Nufiala, mewo nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke. 21Ke Yesu kpɔe du, eye wòlɔ̃e, gblɔ ne bena: Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme, eye natsɔ atitsoga la. 22Ke eto mo le nya sia ŋuti hedzo kple nuxaxa; elabena nu geɖewo le esi.
23Eye Yesu tsa ŋku godoo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke gbegbe wosẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee! 24Ke nusrɔ̃lawo tsi yaa le eƒe nyawo ŋuti. Eye Yesu gaxɔ edzi gblɔ na wo bena: Viwo, esẽ bena, amesiwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋuti la, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! 25Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me, wu alesi kesinɔtɔwo nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee. 26Eye kuvia ɖo wo ŋuta, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? 27Eye Yesu kpɔ wo du gblɔ bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.
28Petro de asi gbɔgblɔ me nɛ bena: Kpɔ ɖa, miawo la miegblẽ nuwo katã ɖi, eye miedze yowòme. 29Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti, 30ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me. 31Ke ame geɖe, siwo nye mlɔetɔwo, lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.
Yesu gblɔ nya ɖi le eƒe fukpekpe ŋu zi etɔ̃lia.
32Eye esi wole mo dzi yina Yerusalem la, Yesu dze wo ŋgɔ, eye woƒe mo wɔ yaa, ke amesiwo dze eyome la, wovɔ̃. Eye esi wògayɔ ame wuieveawo va egbɔe la, ede asi nusiwo le edzi va ge la, gbɔgblɔ me na wo bena: 33Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo, eye woatso kufia nɛ, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo; 34eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.
Zebedeo viwo.
35Eye Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo la, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nufiala, miele didim bena, nusi ke míabia wò la, nawɔe na mí. 36Eye wògblɔ na wo bena: Nuka dim miele be, mawo na mi mahã? 37Ke wogblɔ nɛ bena: Na bena, mia dome ame ɖeka nabɔbɔ nɔ anyi ɖe wò nuɖusi me, eye ɖeka hã nanɔ wò mia me le wò ŋutikɔkɔe la me. 38Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge nye ŋutɔ malaa? Alo woade mawutsi ta na mi kple mawutsi, si woatsɔ ade ta na nye ŋuta mahã? 39Eye wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui. Ke Yesu gblɔ na wo bena: Kplu, si ke nye ŋutɔ miano la, mianoe, eye mawutsi, si woatsɔ aɖe ta na nye ŋuta la, woatsɔ ade ta na mi; 40ke anyinɔnɔ ɖe nye nuɖusi kple mia me la, menye tɔnye be, mana o, negbe amesiwo wodzrɛ ɖo ɖi na la ko.
41Eye esi ame ewo la see la, ede asi dɔmeveve me na wo le Yakobo kple Yohanes ŋuti. 42Eye Yesu ya wo va egbɔ gblɔ na wo bena; Mienyae bena, amesiwo ŋu bubu le bena, woaɖu dukɔwo dzi la, woawoe ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. 43Ke neganɔ nenema le mia dome o; ke boŋ amesi di bena, yeazu gã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; 44eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye amewo katã ƒe dɔla. 45Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.
Bartimeo.
46Eye wova Yerixo; eye esi wòdo go tso Yerixo kple eƒe nusiawo kple ameha gã la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔ to. 47Eye esi wose bena, Yesu, Nazaretetɔ lae la, eɖe asi ɣlidodo me le gbɔgblɔm bena: Yesu, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! 48Eye ame geɖewo blu ɖe eta, bena wòazi ɖoɖoe; ke egado ɣli geɖe wu tsãtɔ bena: Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! 49Tete Yesu tɔ ɖe tsitre gblɔ bena: Miyɔe ɖa. Eye esi woyɔ ŋkuagbãtɔ la la, wogblɔ nɛ bena: Na wò dzi nadze eme! Tsi tre, ele yɔwòm. 50Ke esi wòɖe eƒe awu ƒu gbe la, etso hiã va Yesu gbɔ. 51Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuka dim nèle be, mawɔ na wòa? Eye ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ bena: Rabuni, bena makpɔ nu. 52Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, wò xɔse la ɖe wò! Eye enumake la wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le mɔ la dzi.
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Marko 10: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: