Marko 9

9
Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le toa dzi.
1Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la wògbɔna kple ŋusẽ.
2Ŋkeke ade megbe la Yesu ɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔa ɖe dzi, woawo ɖeɖe; eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, 3eye eƒe awuwo trɔ le dzo dam hefu tititi, eye nunyãlaa ɖeke mele anyigba dzi ate ŋu awɔ wo woafu alea o. 4Eye Eliya kple Mose woɖe wo ɖokui fia wo, eye wole nu ƒom kple Yesu. 5Eye Petro xa edzi gblɔ na Yesu bena: Rabi, enyo na mi bena, miano afisia, eye miawo agbadɔ etɔ̃, tɔwò ɖeka, Mose to ɖeka kple Eliya to ɖeka. 6Elabena menya nusi wòagblɔ o, elabena wovɔ̃ ŋutɔ. 7Eye alilikpo va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe tso alilikpo la me gblɔ bena: „Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, miɖo to eyama!“ 8Eye enumake, esi wole ŋku tsam godoo la, womegakpɔ amea ɖeke o, negbe Yesu ɖeka koe le wo gbɔ.
9Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo bena, woagagblɔ nusiwo wokpɔ la, na amea ɖeke o, negbe ne Amegbetɔvi la tsi tre tso ame kukuwo dome ko. 10Eye wodzra nya la ɖo, eye wobia le wo nɔewo dome bena: Nukae nye tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la mahã?
11Eye wobiae gblɔ bena: Aleke wòle be, farisitɔwo kple agbalẽfialawo gblɔ bena: Ele na Eliya be, wòava gbãgbiagbã mahã? 12Ke egblɔ na wo bena: Eliya gbɔna gbãgbiagbã, eye wòaɖo nuwo katã ɖo; eye aleke woŋlɔ ɖi le Amegbetɔvi la ŋuti bena, akpe fu geɖe, eye woado vloe mahã? 13Gake mele egblɔm na mi bena: Eliya va xoxo, eye wowɔ nusi wolɔ̃ la, ɖe eŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene.
Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔa ɖe ŋu.
14Eye esi wòva nusrɔ̃lawo gbɔ la, ekpɔ ameha gãa ɖe ƒo xlã wo, eye agbalẽfialawo le nu sẽm kpli wo. 15Eye enumake, esi ameha la katã kpɔe la, dzidzi ƒo wo ŋuta, eye wosi du yi egbɔ hedo gbe nɛ. 16Eye wòbia wo bena: Nuka miele nu sẽm kpli wo? 17Eye lãme ɖeka tso ameha la dome ɖo eŋu nɛ bena: Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi, si me gbɔgbɔ maƒonu le la, va gbɔwò; 18eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o. 19Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye! 20Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem. 21Eye wòbia fofoa bena: Ɣekaɣi nusia va edzi mahã? Eye wòbena: Tso keke eƒe ɖevime kee. 22Eye enuenu wòtsɔnɛ ƒua dzo me kple to me, bena yeawui; ke ne ate ŋu awɔ nane la, kpɔ miaƒe nublanui, ne naxa na mi. 23Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu. 24Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ bena: Mexɔe se, xɔ na nye maxɔse la! 25Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o! 26Eye wòdo go kple ɣlidodo hele enyamam ŋutɔ, eye wòzu abe ɖe woku ene; ale bena ame geɖewo gblɔ bena: Eku. 27Ke Yesu lé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye wòtsi tre. 28Eye esi wòva aƒea me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ biae bena: Aleke wɔ míawo miete ŋu nyae do go o mahã? 29Eye wògblɔ na wo bena: Esia ƒomevi la mate ŋu ado go to naneke me o, negbe to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me ko.
Yesu gblɔ nya le eƒe fukpekpe ŋu zi evelia.
30Eye esi wodze le afima la, wotso Galilea me yi, eye melɔ̃ bena, amea ɖeke nanya ye o. 31Elabena efia nu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo bena: Woade Amegbetɔvi la asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe. 32Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wova le ebiabia ŋuti.
Ameka ƒo ta le mawufiaɖuƒe la me? Le nuɖiaɖianana ŋuti.
33Eye wòva Kapernaum. Esi wòva aƒe me la, ebia wo bena: Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome le mɔ dzi mahã? 34Ke wozi kpi; elabena wole nya ʋlim le wo nɔewo dome le mɔ dzi bena: Amekae nye gãtɔ mahã? 35Eye esi wòbɔbɔ na anyi la, eya ame wuieveawo, eye wògblɔ na wo bena: Ne amea ɖe ɖi bena, yeanye gbãtɔ la, nanye wo katã ƒe mlɔetɔ kple wo katã ƒe subɔla. 36Eye wotsa ɖevi suea ɖe ɖo wo titina, eye wòlée ɖe eƒe akɔnu gblɔ na wo bena: 37Amesi ke laxɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke laxɔm la, menye nye wòxɔ o, ke boŋ amesi dom lae. 38Yohanes gblɔ ne bena: Nufiala, miekpɔ amea ɖe, si le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go dom le wò ŋkɔ la dzi, eye miegbe nɛ, elabena mele mía yome o. 39Eye Yesu gblɔ bena: Migagbe ne o! Elabena amea ɖeke meli, si awɔ ŋusẽdɔ le nye ŋkɔ la dzi, eye wòate ŋu agble nya vɔ̃ enumake ɖe ŋunye o. 40Elabena amesi ke meto vo ɖe mia ŋuti o la, eya le mía dzi. 41Elabena amesi ke ana tsi kplu ɖeka mi be, miano le nye ŋkɔ me, esi wònye Kristo tɔ míenye ŋuti la, vava mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o. 42Ke amesi ke laɖia ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ wu bena, woatso té atsi ɖe ka ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe ƒu me. 43Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me, 44afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. 45Ke ne wò afɔ ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò be, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afa eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, 46afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. 47Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme; enyo na wò bena, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu esi ŋku eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, 48afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. 49Elabena amesiame la woatso dzo ade dzee, eye vɔsasa sia vɔsasa la woatso dze adee. 50Dze la nu nyui wònye; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge míala ado vivii mahã? Mina dze naɖo mi, eye ŋutifafa nanɔ mia dome.

നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:

Marko 9: EWERV

ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക

പങ്ക് വെക്കു

പകർത്തുക

None

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക