Marko 11
11
Yesu yi Yerusalem.
1Eye esi wogogo Yerusalem te ɖe Betfage kple Betania ŋu le Amito la ŋuti la, edo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve; 2eye wògblɔ na wo bena: Miyi ɖe kɔƒe, si le mia ŋgɔ la me, eye enumake, ne míage ɖe eme la, míakpɔ tedzivi, si wode kae, esi dzi amea ɖeke menɔ kpɔ o; mitui, eye mikplɔe vɛ. 3Eye ne amea ɖe lagblɔ na mi bena: Nukaŋuti miele esia wɔm mahã la, migblɔ be: Aƒetɔ la le ehiãm, eye enumake aɖoe ɖe afisia. 4Tete wodzo yi, eye wokpɔ tedzivi la, wode kae ɖe agbo la nu le xexe le mɔ to, eye wotui. 5Eye amesiwo le tsitre ɖe afima la, dometɔa ɖewo bia wo bena: Nuka wɔ, eye miele tedzivi la tum mahã? 6Eye wogblɔ na wo, abe alesi Yesu gblɔ la ene; eye woɖe mɔ le eŋu na wo. 7Tete wokplɔ tedzivi la va Yesu gbɔ, eye wotsɔ woƒe avɔwo ɖo edzi; eye wòbɔbɔ nɔ edzi. 8Eye ame geɖewo keke woƒe avɔwo ɖe mɔ la dzi, ke bubuwo ya gbewo tso agblewo me. 9Eye amesiwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Hosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me. 10Woayra mía fofo Dawid ƒe fiaɖuƒe, si gbɔna la! Hosana le dziƒo ʋĩ!
Yesu fo fi de gboti matseku la, nyã nudzralawo le gbedoxɔ me; egblɔ aya le xɔse, gbedodoɖa kple avulẽle ŋuti.
11Eye wòyi Yerusalem ɖe mawuƒe la me, eye esi wòtsa ŋku nuwo katã godoo, eye fiẽsi le ɖoɖom la, eyi ɖe Betania kple ame wuieve la.
12Eye esi ŋu ke wodo go tso Betania la, dɔ wui. 13Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le adzɔge, si dzi aŋgbawo le la, eyi bena ɖewohĩ yeakpɔ nane le edzi; eye esi wote ɖe eŋu la, mekpɔ naneke o, negbe aŋgbawo ko, elabena gbotiwo tseɣi meɖo haɖe o. 14Eye wòde asi gbɔgblɔ me nɛ bena; Tso esia dzi yina la amea ɖeke maɖu wò kutsetsea ɖeke o halase tegbetegbe. Eye eƒe nusiawo see.
15Eye wova Yerusalem; eye esi wòyi ɖe mawuƒe la me la, ede asi amesiwo le nu dzram kple amesiwo le nu ƒlem le mawuƒe la me la, nyanyã me do goe, eye wòmũ gaɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le ahɔ̃newo dzram la, ƒe zikpuiwo ƒu anyi. 16Eye meɖe mɔ bena, amea ɖeke netso goe ato mawuƒe la me o. 17Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe. 18Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo see, eye wodi, alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃e; elabena kuvia ɖo ameha blibo la katã le eƒe nufiafia la ŋuti.
19Eye ne fiẽsi ɖo la, edoa go le dua me. 20Eye esi wòva yina le ŋdi me la, wokpɔ gboti la yrɔ su tso keke eƒe ke te. 21Eye Petro ɖo ŋku edzi gblɔ nɛ bena: Rabi, kpɔ ɖa, gboti, si neƒo fi ɖee la yrɔ. 22Eye Yesu xa dzi gblɔ na wo bena: Mawu dzi xɔse nenɔ mia si! 23Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne. 24Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi. 25Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi. 26Ke ne mietsɔe ke o la, ekema mia Fofo, si le dziƒowo la, matsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi o.
Yesu ʋu eƒe ŋusẽ ta.
27Eye wogava Yerusalem; eye esi wòle tsatsam le mawuƒe la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va egbɔ; 28eye wogblɔ nɛ bena: Ŋusẽ ka nètso wɔ esiawoe; alo ameka tsɔ ŋusẽ sia na wò be, nawɔ esiawoe mahã? 29Eye Yesu gblɔ na wo bena: Nye hã mabia nya ɖeka mi, ne mieɖo eŋu nam la, nye hã magblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi. 30Yohanes ƒe mawutsidedetaname la ɖe, dziƒo wòtso loo, alo amewo gbɔ wòtso mahã? Miɖo eŋu nam! 31Eye wòke ɖi le wo nɔewo dome bena: Ne míegblɔ bena: Dziƒo wòtso la, agble bena: Nukaŋuti miexɔ edzi se o mahã? 32Alo ɖe miagblɔ bena: Amewo gbɔ wotsoa? — Woyɔ dukɔ la; elabena ameawo katã bua Yohanes bena, nyagblɔɖila ŋutɔŋutɔ wònye. 33Eye woxɔ edzi gblɔ na Yesu bena: Míenyae o. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi o.
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Marko 11: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: