Luka 2
2
Yesu dzidzi.
1Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me be, sedede tso kaisaro Augusto gbɔ bena, woaxlẽ xexeame katã aŋlɔ. 2Ŋɔŋlɔ gbãtɔ sia va me, esime Kirenio le mɔ̃mefia ɖum le Siria. 3Eye amewo katã dze mo heyi be, wòaŋlɔ woƒe ŋkɔwo, amesiame yi ɖe ye ŋuta ƒe du me. 4Eye Yosef hã dzo le Galilea, tso Nazaret-du la me heyi Yudea ɖe Dawid du, si woyɔna be Betlexem la me, elabena etso Dawid ƒe me kple eƒome la me, 5be woaŋlɔ eya kple Mana, amesi ŋugbe wodo nɛ, si nye funɔ la, ƒe ŋkɔ. 6Eye esi wole afima la, eva ve me be, eƒe ŋkeke la de be, wòadzi vi. 7Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me; elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.
8Eye alẽnyilawo le nuto ma ke me le gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me. 9Eye Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe tsi tre ɖe wo gbɔ, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ. 10Eye dɔla la gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã; 11elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me. 12Eye esia anye dzesi na mi: Míakpɔ vidzĩe, si woxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòmia lãnuɖunu me. 13Eye kasia dziƒoʋakɔha gãa ɖe kpe ɖe mawudɔla la ŋuti, wole Mawu kafum le gbɔgblɔm bena: 14Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.
15Eye wòva me, esime mawudɔlawo dzo le wo gbɔ heyi dziƒo la, alẽnyilawo gblɔ na wo nɔewo bena: Mina ne miayi Betlexem, aɖakpɔ nusia, si va dzɔ, esi Aƒetɔ la na mienya. 16Eye woɖe abla va, eye wokpɔ Mana kple Yosef kpakple vidzĩe, si le anyimlɔƒe le lãnuɖunu me. 17Esi wokpɔe la, wokaka nya, si wogblɔ na wo le ɖevi sia ŋuti. 18Eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le nya, siwo alẽnyilawo gblɔ na wo la ŋuti. 19Ke Mana lé nya siawo katã ɖe ta me, eye wobu wo ŋuti le eƒe dzi me. 20Eye alẽnyilawo gbugbɔ, eye wole ŋutikɔkɔe kple kafukafu tsɔm na Mawu le nusiwo katã wose, eye wokpɔ la ŋuti, abe alesi wogblɔ na wo la ene.
Wotso aʋa na Yesu hetsɔe ɖo Mawu ƒe ŋku me. Simeon kple Hana.
21Eye esi wotso aʋa nɛ le ŋkeke enyilia dzi la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, abe alesi mawudɔla yɔe ɖi, hafi wòfɔ eƒe fu ene.
22Eye esi wowu woƒe ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe se la nu la, wotsɔe yi Yerusalem, be woatsɔe aɖo Aƒetɔ ŋku me, 23abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la“; 24eye be woana numeme, abe alesi wogblɔ le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Akpakpa eve alo ahɔ̃nevi eve.“
25Eye kpɔ ɖa, amea ɖe le Yerusalem, si ŋkɔ enye Simeon: amesia enye ame dzɔdzɔe kple mawumeme, si le Israel aƒe akɔfafa lalam, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe le eyama dzi. 26Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fiae bena, mele kuku ge, hafi akpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo o. 27Eye wòle Gbɔgbɔ la me va mawuxɔa me; eye esi dzilawo yi ɖe eme kple ɖevi Yesu, bena woawɔ nɛ le se la ƒe kɔa nu la, 28eya hã xɔe ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòkafu Mawu hegblɔ bena: 29Aƒetɔ, azɔ èɖo mɔ wò dɔla le ŋutifafa me le wò nya la nu; 30elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ, 31si nèdzra ɖo ɖe dukɔwo katã ƒe ŋku me; 32kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe. 33Eye fofoa kple dadaa ƒe mo wɔ yaa le nya, siwo wògblɔ le eyama ŋuti la ta. 34Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti; 35ke wò la, yi ato wò ŋutɔ wò luʋɔ me, bena woaɖe ame geɖewo ƒe dzimesusuwo afia. 36Eye Hana, nyɔnu nyagblɔɖilaa ɖe li, enye Fanuel ƒe nyɔnuvi tso Aser-ƒome me, si xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbi me; 37eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli. 38Eya hã va tsi tre le gaƒoƒo ma ke dzi, le Aƒetɔ kafum, eye wòƒo nu le eŋuti na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.
39Eye esi wowu nuwo katã nu le Aƒetɔ ƒe sea nu la, wògatrɔ yi Galilea ɖe woawo ŋutɔ ƒe du Nazaret la me. 40Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu, eye nunya yɔe fũ, eye Mawu ƒe amenuveve le edzi?
Yesu, si xɔ ƒe wuieve, le mawuxɔ me, enɔ ɖevi me le Nazaret.
41Eye eƒe dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖe ŋutitotoŋkekenyuieɖuƒe. 42Eye esi wòxɔ ƒe wuieve la, woyi Yerusalem le ŋkekenyuie ƒe koa nu. 43Eye esi wowu ŋkekeawo nu la, Yesu ɖevi la tsi megbe le Yerusalem le woƒe tɔtrɔgbɔ me, eye eƒe dzilawo menye o. 44Ke esi wobu xa bena, ana mɔzɔha la dome la, wozɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ, eye woɖii le woƒe ƒomeawo kple ame nyanyɛawo dome, 45eye esi womekpɔe o la, wògatrɔ yi Yerusalem le edim. 46Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva ve me bena, wokpɔe le mawuƒe la me le anyinɔƒe le nusiawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo; 47eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti. 48Eye esi wokpɔe la, kuvia ɖo wo, eye dadaa gblɔ nɛ bena: Vinye, nukaŋuti newɔ ɖe mia ŋu ale? Kpɔ ɖa, mia kple fofowò miedi wò kple nuxaxa. 49Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miedim ma? Ɖe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã? 50Eye womese nya, si wògblɔ na wo la gɔme o. 51Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me. 52Eye Yesu tsi ɖe dzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ la me.
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Luka 2: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: