Luka 3
3
Yohanes ƒe dzimetɔtrɔ-nyagbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi le Kristo ʋu.
1Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene, 2eye Hana kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, Zaxarya vi la gbɔ le gbedzi. 3Eye wòva Yordan-nutowo katã me godoo hele gbe ƒã ɖem dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃wo ƒe keke; 4alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me bena: „Amesi le ɣli dom le gbeadzi ƒe gbe enye esi: Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo dzɔdzɔe. 5Woaxe ʋe sia ʋe, eye woabɔbɔ to sia to kple togbɛ sia togbɛ ɖe anyi, eye mɔ gɔglɔ̃wo lazu dzɔdzɔe, eye mɔ tsakliwo lazu zɔzrɔ̃e! 6Eye ŋutilã katã akpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la.
7Azɔ egblɔ na ameha, siwo do go, bena wòaɖe mawutsi ta na yewo la bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? 8Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham. 9Ke wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo; azɔ ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ ɖea dzo me. 10Eye amehawo biae bena: Ekema nuka wɔ ge míala? 11Eye wòɖo ŋu gblɔ na wo bena: Amesi awu eve le esi la, nena amesi ɖeke mele esi o, eye amesi nunyiame le esi la, newɔ nenema ke. 12Eye nudzɔlawo hã va be, wòade mawutsi ta na yewo, eye wogblɔ nɛ bena: Nufiala, nuka wɔ ge míala? 13Eye wògblɔ na wo bena: Nusi ke woɖo na mi la, migaxɔ xɔɖedzi o.“ 14Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu!
15Ke esi dukɔ la le nukpɔkpɔ me, eye wo katã wole ɖi kem le woƒe dzi me le Yohanes ŋuti be, ɖewo mahĩ eyae nye Kristo la la, 16Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la metsɔ tsi de mawutsi ta na mi; ke amesi tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matui o la, eya ŋutɔ gbɔna be, wòatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi; 17amesi si lugbɔnu le, be wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la ƒu alɔ ɖe eƒe ava me; ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.
18Eye wògblɔ nyanyuie fia dukɔ la hele nu xlɔ̃m wo le nu bubu ƒomevi geɖewo hã ŋuti; 19ke dziɖula Herodes, si wogbe nya na le Herodia, nɔvia srɔ̃ kple nu vɔ̃ɖi, siwo katã Herodes wɔ la ŋuti la, 20etsɔ Yohanes de gaxɔ me hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti.
Wode mawutsi ta na Yesu. Yesu ƒe dzidzime-xexlẽfiagbalẽ.
21Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu, 22eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.
23Eye Yesu ŋutɔ, esi wòdze ɖɔ gɔme la, exɔ ƒe anɔ ƒe blaetɔ̃, eye wònye — le amewo ƒe susu nu — Yosef vi, amesi nye Eli vi, 24amesi nye Mata vi, amesi nye Lewi vi, amesi nye Melxi vi, amesi nye Yona vi, amesi nye Yosef vi, 25amesi nye Matatia vi, amesi nye Amos vi, amesi nye Nahum vi, amesi nye Esli vi, amesi nye Nagae vi, 26amesi nye Mahat vi, amesi nye Matatia vi, amesi nye Semei vi, amesi nye Yosef vi, amesi nye Yuda vi, 27amesi nye Yohanan vi, amesi nye Resa vi, amesi nye Zerubabel vi, amesi nye Salatiel vi, amesi nye Neri vi, 28amesi nye Melxi vi, amesi nye Adi vi, amesi nye Kosam vi, amesi nye Elmadam vi, amesi nye Er vi, 29amesi nye Yose vi, amesi nye Eliezer vi, amesi nye Yorim vi, amesi nye Matat vi, amesi nye Lewi vi, 30amesi nye Simeon vi, amesi nye Yuda vi, amesi nye Yosef vi, amesi nye Yonan vi, amesi nye Eliakim vi, 31amesi nye Melea vi, amesi nye Mena vi, amesi nye Matata vi, amesi nye Natan vi, amesi nye Dawid vi, 32amesi nye Isai vi, amesi nye Obed vi, amesi nye Boaz vi, amesi nye Salmon vi, amesi nye Nahason vi, 33amesi nye Aminadab vi, amesi nye Aram vi, amesi nye Esron vi, amesi nye Fares vi, amesi nye Yada vi, 34amesi nye Yakob vi, amesi nye Isak vi, amesi nye Abraham vi, amesi nye Tara vi, amesi nye Nahor vi, 35amesi nye Seruk vi, amesi nye Regu vi, amesi nye Peleg vi, amesi nye Eber vi, amesi nye Sala vi, 36amesi nye Kainan vi, amesi nye Arfaksad vi, amesi nye Sem vi, amesi nye Noa vi, amesi nye Lamex vi, 37amesi nye Metusala vi, amesi nye Enox vi, amesi nye Yared vi, amesi nye Mahalaleel vi, amesi nye Kainan vi, 38amesi nye Enos vi, amesi nye Set vi, amesi nye Adam vi, amesi nye Mawu tɔ.
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Luka 3: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: