Luka 1

1
Kpɔkplɔyiɖeme
1Esi ame geɖewo tso asi de nyatotoa ɖoɖo me le nyadzɔdzɔ, siwo nu wowu le mía dome la ŋuti, 2abe alesi amesiwo kpɔ eteƒe kple ŋku tso gɔmedzedzea me ke, eye wonye nya la ƒe dɔlawo, tsɔe de asi na mí ene la, ta la, 3enyo nye hã ŋu, esi medzro wo katã me kpɔ tsitotsito vaseɖe egɔme ke bena, maŋlɔe na wò ɖekaɖeka, amegã Teofil, 4bena nadze si nya, siwo wofia wò la, ƒe nyateƒenyenye.
Mawudɔla ɖe gbe ƒã Yohanes mawutsidetanamela ƒe dzidzi.
5Le Herodes, si nye Yudea-fia, ƒe ŋkekewo me la mawununɔlaa ɖe li, eŋkɔ enye Zaxarya, si tso Abiya ƒe ŋkekeɖoɖo me, eye srɔ̃a tso Aron ƒe vinyɔnuviwo dome, eye eƒe ŋkɔ enye Elisabet. 6Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae. 7Ke vi mele wo si o, elabena Elisabet tsi ko, eye woa kple eve la siaa woxɔ ƒe geɖe.
8Ke eva me bena, esime wòle nunɔnɔdɔ wɔm le edzidzedze ƒe ŋkekeɖoɖo la nu le Mawu ƒe ŋku me 9le nunɔnɔdɔ ƒe kɔa nu la, nudzidze dze edzi bena, wòayi ɖe Aƒetɔ la ƒe xɔa me, eye wòamè nu. 10Eye ameha blibo la katã le gbe dom ɖa le gota le numeɣi la. 11Ke Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae, le tsitre ɖe numemlekpui la ƒe nuɖusi me. 12Eye esi Zaxarya kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi. 13Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes. 14Eye wòanye dzidzɔ kple aseyetsotso na wò, eye ame geɖewo adzo dzi le eƒe dzidzi ŋuti. 15Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke. 16Eye wòatrɔ Israel-viwo dome ame geɖewo ava Aƒetɔ, woƒe Mawu la gbɔ. 17Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be, wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ kple tosẽlawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya me, ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi woasu te na Aƒetɔ la. 18Eye Zaxarya gblɔ na dɔla la bena: Nuka me madze si nusia le mahã? Elabena nye la amegã ɖeɖi menye, eye srɔ̃nye hã xɔ ƒe geɖe. 19Eye dɔla la ɖo eŋu nɛ bena: Nyee nye Gabriel, si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋku me, eye wòdɔm ɖa, be maƒo nu na wò, eye magblɔ nya nyui sia fia wò 20Eye kpɔ ɖa, wò aɖe latu, eye mele ŋute ge aƒo nu o, halase ŋkeke, si dzi nusiawo ava ve me, le esi mèxɔ nye nya, siwo nu woawu le woƒe ɣeyiɣi me la, dzi se o la ŋuti. 21Eye dukɔ la le Zaxarya lalam, eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe mawuxɔ me tsitsi la ŋuti. 22Ke esi wòɖo go la, mete ŋu ƒo nu na wo o, eye wodze sii bena, ekpe nu le mawuxɔ la me, eye wòmia asi wo, eye wòtsi nu maƒomaƒo. 23Eye wòva me bena, esime wowu eƒe subɔsubɔ ŋkekeawo nu la, edzo yi eƒe me. 24Eye le ŋkeke siawo megbe la srɔ̃a Elisabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ hegblɔ bena: 25Elabena ale Aƒetɔ la wɔ nam le ŋkeke, siwo me wòkpɔm ɖa, be wòaɖe nye ŋukpe ɖa le amewo dome.
Mawudɔla Gabriel gblɔ Kristo ƒe dzidzi ɖi.
26Eye le ɣleti adelia me la Mawu dɔ dɔla Gabriel ɖo ɖe Galilea-dua ɖe, si ŋkɔ enye Nazaret la me, 27ɖe ɖetugbi, si ŋugbe wodo na ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Yosef, tso Dawid ƒe me la gbɔ, eye ɖetugbi la ŋkɔe nye Maria. 28Eye esi mawudɔla va me le egbɔ la, egblɔ nɛ bena: Medo gbe na wò, wò amesi nu wòve! Aƒetɔ la li kpli wò. 29Ke eƒe dzi lã kpo le nya la ŋuti, eye wòde ŋugble sẽ bena: Nuka gbedoname gɔ̃ enye esi! 30Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ. 31Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. 32Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; 33eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o. 34Eye Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã? 35Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi. 36Eye kpɔ ɖa, Elisabet, wò ƒometɔ la, fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge le eƒe nyagãkuku me, eye ɣleti sia enye adelia na eya, amesi woyɔna be konɔ. 37Elabena naneke mese na Mawu o. 38Eye Maria gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye, ava me nam le wò nya la nu. Eye mawudɔla dzo le egbɔ.
Maria va kpɔ Elisabet ɖa.
39Eye Maria tsi tre le ŋkeke siawo me, eye wòɖe abla yi to la dzi, ɖe Yuda-dua ɖe me; 40eye woge ɖe Zaxarya ƒe me, eye wòdo gbe na Elisabet. 41Eye wòva me bena, esi Elisabet se Mana ƒe gbedoname ko la, via ho le eƒe dɔ me; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ, 42eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la! 43Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã? 44Elabena kpɔ ɖa, esi wò gbedoname ɖi ɖe nye to me la, ɖevi la ho le nye dɔ me le dzidzɔ ŋuti. 45Eye Woayra wò, amesi xɔe se, elabena woawu nusiwo wogblɔ na wò tso Aƒetɔ gbɔ la nu.
Maria ƒe kafukafuha.
46Eye Maria gblɔ bena: Nye luʋɔ do Aƒetɔ la ɖe dzi, 47eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu, nye xɔla ŋuti, 48bena ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe bɔbɔnyenye ɖa; elabena kpɔ ɖa, tso esia dzi la ƒomewo katã woayɔm be yayrame, 49bena ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam, eye kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. 50Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ. 51Ewɔ nu sesẽ kple eƒe abɔ; ekaka amesiwo ɖo wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la me. 52Etu asi ŋusẽtɔwo ƒu anyi tso fiazikpuiwo dzi, eye wòdo ame bɔbɔɖanyiwo ɖe dzi. 53Eya dɔwuitɔwo kple nu nyuiwo, eye kesinɔtɔwo la eɖo wo ɖa ƒuƒlu. 54Ede eƒe dɔla Israel dzi hena ŋkuɖoɖo nublanuikpɔkpɔ dzi; 55ate alesi wòƒo nu na mía fofowo ene, na Abraham kple eƒe ƒome vaseɖe mavɔ me. 56Eye Maria nɔ egbɔ anɔ ɣleti etɔ̃; eye wògbugbɔ yi ye ŋutɔ ƒe me.
Yohanes dzidzi kple aʋatsotso nɛ.
57Azɔ la Elisabet ƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi ŋutsuvi. 58Eye esi eƒe aƒelikawo kple eƒe ƒometɔwo se bena, Aƒetɔ kpɔ nublanui geɖe nɛ la, wokpɔ dzidzɔ kpakplii. 59Eye wòva ve me le ŋkeke enyilia dzi bena, wova aʋa tso ge na ɖevi la, eye wotsɔ fofoa ŋkɔ Zaxarya nɛ. 60Eye dadaa xa edzi gblɔ bena: O! Ɖeko woayɔe be Yohanes. 61Eye wogblɔ nɛ bena: Amea ɖeke mele wò ƒome, si wotsɔ ŋkɔ sia na o. 62Eye wòmia asi fofoa, alesi wòdi be, woayɔ nɛ. 63Eye wòbia nuŋlɔkpe suea ɖe, eye wòŋlɔ bena: Yohanes enye eƒe ŋkɔ. Tete wo katã ƒe mo wo yaa. 64Eye eƒe nu ke enumake, eye eƒe ade trɔ, eye wòƒo nu le Mawu kafum. 65Eye vɔvɔ̃ va amesiwo katã ɖe aƒelika kpli wo la dzi, eye woƒo nu le nyadzɔdzɔ siawo katã ŋuti le Yudea-tonyigba blibo la katã dzi. 66Eye amesiwo katã see la, wòlée ɖe ta me le gbɔgblɔm bena: Nuka gɔ̃ ɖevi sia ava zu mahã? Elabena Aƒetɔ la ƒe asi hã li kplii.
Zaxarya ƒe kafukafuha.
67Eye fofoa Zaxarya yɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe, eye wògblɔ ɖe anyi bena: 68Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva kpɔ eƒe dukɔ ɖa, eye wòwɔ ɖeɖe nɛ, 69eye wòna xɔxɔ ƒe dzo do na mí le Dawid, eƒe dɔla, ƒe me; 70abe alesi wòƒo nu to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔe, siwo li tso blema ke la, ƒe nu me ene: 71Ɖeɖe tso miaƒe futɔwo kple amesiwo katã léa fu mi la, ƒe asi me; 72be yeakpɔ nublanui na mía fofowo, eye yeaɖo ŋku yeƒe nubabla kɔkɔe, 73atamkaka, si wòka na mia fofo Abraham la dzi? 74be esi wòɖe mi tso miaƒe futɔwo si me la, wòana miasubɔe kple mavɔ̃mavɔ̃ 75le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me, miaƒe ŋkekewo katã le eƒe ŋku me. 76Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋitɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ, be nadzra eƒe mowo ɖo, 77be nana xɔxɔ ƒe nyanya le woƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke me 78le míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋuti, esime kekeli dze tso dziƒo ʋĩ va kpɔ mí ɖa, 79be wòaklẽ na amesiwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, be wòaɖo míaƒe afɔwo ŋutifafa ƒe mɔ dzi.
80Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu le gbɔgbɔ la me; eye wòle gbedzi vaseɖe eɖeɖefia Israel ŋkeke dzi.

നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:

Luka 1: EWERV

ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക

പങ്ക് വെക്കു

പകർത്തുക

None

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക