Yesaya 4
4
1Gbe ma gbe la, nyɔnu adre
aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu
ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu,
eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo.
Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko,
nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.”
Yehowa ƒe Atilɔ
2Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel. 3Ame siwo susɔ ɖe Zion, ame siwo tsi Yerusalem la, woayɔ wo be kɔkɔe, ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem. 4Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ. 5Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ. 6Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me.
Šiuo metu pasirinkta:
Yesaya 4: AL
Paryškinti
Kopijuoti
Palyginti
Dalintis
Norite, kad paryškinimai būtų įrašyti visuose jūsų įrenginiuose? Prisijunkite arba registruokitės
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.