Vai al contenuto

Salomo ƒe Nunya 2

2
Tamebubu vɔ̃ɖi
1Elabe wobua tame wodzoe hegblɔna na wo ɖokui be:
“Míaƒe agbe le kpuie eye wòwɔ nublanui.
Wɔna aɖeke mele eŋu, ne wòɖo eƒe nuwuwu o.
Womenya ame aɖeke si trɔ gbɔ tso tsiẽƒe kpɔ o.
2Elabe ɖe wodzi mí ko mɔmakpɔtɔe,
eye le agbe sia megbe la, míanɔ abe ɖe míedzɔ kpɔ kura o ene.
Gbɔgbɔ si dona to míaƒe ŋɔti me nye dzudzɔ si tuna,
eye tamebubu nye dzoxi si dona, ne míaƒe dzi le dɔ wɔm.
3Ne enu nyatsi ko la, ŋutilã atrɔ zu dzowɔ,
eye gbɔgbɔ la akaka ɖe ya me.
4Míaƒe ŋkɔ ya la, woaŋlɔe be le ɣeyiɣi aɖe megbe;
ame aɖeke maɖo ŋku míaƒe dɔwɔwɔwo dzi o.
Míaƒe agbe ava yi abe alilikpo ƒe toƒe ene,
eye wòakaka abe afu
si ɣetotoe nyà ɖe du nu,
eye eƒe dzoxɔxɔ ɖu edzi keŋ la ene.
5Elabe ɣeyiɣi si woɖo na mí la nye vɔvɔli ƒe yiyi ko,
eye míaƒe tɔtrɔ gbɔ tso ku me aɖeke meli o,
elabe wotre enu; ame aɖeke metrɔna gbɔna o.
6 # Yes 22.13; Kor I, 15.32. “Eya ta, miva, mina míaɖu agbe la, kple nu nyui siwo li,
eye míawɔ nuwɔwɔwo ŋudɔ woade wo deƒe abe le ɖekakpui me ene.
7Mina míaku wain xɔasitɔ ɖe kplu me wòayɔ banaa,
eye míawɔ ami ʋeʋẽe nyuitɔ ŋudɔ;
migana dzɔdzɔme ƒe nu nyui aɖeke nato mía ŋu o.
8Mina míaɖo atsyɔ na mía ɖokui
kple nu nyuiwo hafi wo nu nava yi.
9Mía dometɔ aɖeke megado kpo agbeɖuɖu kpli mí o;
mina míagble dzidzɔkpɔkpɔ ƒe dzesi ɖe afi sia afi
elabe esia nye mía tɔ gome
kple nu si dze míexɔ tso dzɔdzɔme.
10Mina míate nu dzɔdzɔe wɔla dahe ɖe anyi;
migana míagble ahosi ɖi,
alo abu ame tsitsi si ƒo wɔ ŋu o.
11Ke mina míaƒe ŋutete nanye míaƒe se si na ŋusẽ mí la,
elabe nu si le gblɔe la ɖe eɖokui fia nu maɖinui.
12“Mina míade xa ɖi na ŋutsu nu dzɔdzɔe wɔla la,
elabe eyama nye mɔxenu na mí, eye wòtsi tre ɖe míaƒe nuwɔnawo ŋu.
Ekaa mo na mí, ɖe sedzidada ƒe nuvɔ̃wo ta,
eye wòhea nya ɖe mía ŋu ɖe nuvɔ̃ siwo míewɔ tsi tre,
ɖe hehe si míexɔ la ta.
13Egblɔna kakaɖedzitɔe be ye la, yedze si Mawu,
eye wòyɔa eɖokui be Aƒetɔ la vi.
14Le mía gbɔ la, eva zu mokanamela na míaƒe susuwo.
15Ekpɔkpɔ kple ŋku ɖeɖe gɔ̃ hã, agba wònye na mí,
elabe eƒe agbenɔnɔ mele abe ame bubuwo tɔ ene o;
eƒe mɔwo le tramaa.
16Ebua mí nu maɖinuwoe,
eye wòƒoa asa na míaƒe mɔwo be womekɔ o.
Ebuna be nu dzɔdzɔe wɔla ƒe nuwuwu nye dzidzɔ
eye wòƒoa adegbe be Mawue nye ye Tɔ́.
17Mina míakpɔ ɖa be eƒe nyawo nye nyateƒe hã,
eye míado nu si le dzɔdzɔ le eƒe agbe ƒe nuwuwu kpɔ.
18Elabe ne nu dzɔdzɔe wɔla nye Mawu vi la, akpe ɖe eyama ŋuti,
eye wòaɖee tso eƒe ketɔwo si me.
19Mina míadoe kpɔ kple dzu, awɔ funyafunyae
ale be míakpɔ ale si wòfa tui,
eye míate eƒe dzidodo kpɔ.
20Mina míabu fɔe wòaku ŋukpeku
elabe, le eya si wògblɔna nu la, woaʋli eyama ta.”
21Alea ye wobuna; ke wokplɔ wo trae,
elabe woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbã ŋku na wo.
22Womenya Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣlawo loo,
alo kpɔa mɔ na kɔkɔenɔnɔ ƒe fetu loo,
alo nya nunana si luʋɔ siwo ŋu mokaka mele o la kpɔna la o.
23 # Mos I, 1.26, 27. Elabe Mawu wɔ mí be míagagblẽ o;
ewɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme si li yi ɖe mavɔ me la nu.
24Ke, to vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋuʋaʋã me la, ku ge ɖe xexea me,
eye ame siwo le eƒe habɔbɔ me la kpɔa ale si wòle.