Nyaɖeɖefia, si woɖe fia Yohanes 2
2
Mawu ƒe gbedeasi na Efeso-hame la
1 “Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Efeso-hamea ƒe mawudɔla be:
“Ame si lé ɣletivi adrẽawo ɖe ɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adrẽawo dome la ƒe nyae nye esi. 2Menya dɔ si nèwɔ. Menya ale si nèku kutri kple ale si nèdo dzi hekpe fui. Menya be mèlɔ̃ ame vɔ̃ɖi ƒe nya o. Èdo ame siwo yɔa wo ɖokui be amedɔdɔwo, ke womenye amedɔdɔwo o la kpɔ, eye nèdze sii be aʋatsokalawo wonye. 3Menya ale si nègbɔ dzi blewuu, le dzi dom hele fu kpem le nye ŋkɔ la ta, eye ɖeɖi mete ŋuwò kpɔ o la. 4Gake nya si le asinye ɖe ŋuwò lae nye be: mègalɔ̃m fifia, abe ale si nèlɔ̃m tsã ene o. 5Eya ta ɖo ŋku teƒe si nège tso la dzi. Trɔ dzime, eye nàwɔ nu, abe ale si nèwɔna tsã la ene. Ne menye nenema o la, mava ɖe wò akaɖiti la ɖa le enɔƒe. Trɔ dzime godoo! 6Ke nu si dze ŋunye le ŋuwò lae nye be èlé fu Nikolaitɔwo ƒe nuwɔna, abe ale si nye hã melé fui ene. 7#Mos I, 2.9; Nyaɖ 22.2; Xez 28.13; 31.8. Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo be: ‘Ame si ɖu dzi la, mana ati si naa agbe si le Mawu ƒe abɔ me la ƒe tsetsea ƒe ɖee wòaɖu.’
Gbedeasi na Smirna-hame la
8 #
Yes 44.6; 48.12; Nyaɖ 1.17; 22.13. “Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Smirna-hamea ƒe mawudɔla be: “Ame si nye Gbãtɔ ganye Mlɔetɔ; ame si ku eye wògagbɔ agbe la ƒe nyae nye esi. Ebe:
9 ‘Menya wò fukpekpewo kple ale si nèda ahee. Evɔ wònye kesinɔtɔ nènye hafi. Menya nya vlo, siwo ame siwo gblɔna be yewonye Yudatɔwo, ke womenye Yudatɔwo o la gblɔna hegblẽa ŋuwò. Wole Abosam ƒe ƒuƒoƒometɔwo dome. 10Mègavɔ̃ fu si kpe ge nàla kpuie la o. Kpɔ ɖa, Abosam le mia dome ame aɖewo de ge gaxɔ me, bene yeado mi akpɔ, eye miakpe fu ŋkeke ewo. Wɔ nuteƒe yi ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbe wò abe nye dziɖuɖufiakuku ene.’ 11#Nyaɖ 20.14; 21.8. “Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo be: ‘Ame si ɖu dzi la, ku evelia mawɔ nu vevi aɖekee o.’
Gbedeasi na Pergamo-hame la
12 “Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Pergamo-hamea ƒe mawudɔla be: Ame si si yi nuevee ɖaɖɛ le la ƒe nyae nye esi be:
13 ‘Menya nɔwòƒe. Ele afi si Satana ƒe fiazikpui le. Èlé nye ŋkɔ ɖe asi sesĩe. Esime wowu Antipa, nye ɖaseɖila nyateƒetɔ la le mia dome, afi si Satana tso aƒe ɖo gɔ̃ hã la, mègbe nu le gbɔnye o; ègaxɔ dzinye se kokoko. 14#Mos IV, 22.5, 7; 31.16; Mos V, 23.4; Mos IV, 25.1-3. Gake nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋuwò. Ame aɖewo le gbɔwò siwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi. Evɔ la, Bileam siae ɖoe na Balak be wòatsɔ nuɖianu axe mɔ na Israelviwo, ale be woɖu nu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo, eye wowɔ ahasi. 15Nenema ke mia dometɔ aɖewo hã dze Nikolaitɔwo hã ƒe nufiafia yome. 16Eya ta trɔ dzime kpoo! Ne menye nenem o la, eteƒe madidi o mava gbɔwò eye matsɔ yi si le nye nu me la awɔ aʋa kple nenem me siawo.’ 17#Mos II, 16.14, 15; 16.33, 34; Yoh 6.48-50; Yes 62.2; 65.15. Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo be: ‘Ame si ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee. Hekpe ɖe esia ŋu la, matsɔ kpe ɣi si dzi woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖo la hã anae. Ame aɖeke menya ŋkɔ sia o, negbe ame si xɔe la ko.’
Gbedeasi na Tiatira-hame la
18 “Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Tiatira-hamea ƒe mawudɔla be: Mawu Vi si ƒe ŋkuwo le abe dzo bibi ene, eye eƒe afɔwo le keklẽm abe ga dzẽ si woƒã ene la ƒe nyae nye esi be:
19 ‘Menya dɔ si nèwɔ. Menya wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò subɔsubɔ kple ale si nèdo dzi hekpe fui. Dɔ siwo wɔm nèle fifia la sẽ ŋu wu tsãtɔwo. 20#Fia I, 16.31; Fia II, 9.22, 30. Gake nya si le asinye ɖe ŋuwò lae nye be èɖe mɔ na nyɔnu, Izebel ma, ame si yɔ eɖokui be Mawu ƒe gbeƒãɖela, eye wòle nu fiam nye dɔlawo hele wo blem be woawɔ ahasi, eye woaɖu nu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo. 21Mena ɣeyiɣii be wòatrɔ dzime, ke egbe be yemadzudzɔ ahasiwɔwɔ o. 22Kpɔ ɖa, mana wòadze dɔ atsi aba dzi, eye ne ame siwo wɔ ahasi kplii la metrɔ tso eƒe nuvɔ̃ wɔwɔ gbɔ o la, mana woakpe fu ŋɔdzitɔe. 23#Ps 7.9; Yer 17.10; Ps 62.12. Mawù viawo eye hameawo katã lanya be nyee nye ame si dzroa ame ƒe dɔmenyawo kple dzimenyawo me tsitotsito. Maɖo eteƒe na mia dome ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu.’ 24“Ke mi Tiatiratɔ bubu siwo mexɔ Izebel ƒe nufiafia la o, mi ame siwo mesrɔ̃ nu si yɔm wole be Satana ƒe nya ɣaɣla detowo o la, misee be nyemado agba bubu na mi o; 25ɖeko milé nu si dzi miexɔ se la me ɖe asi sesĩe va se ɖe mava. 26#Ps 2.8, 9. Ame si lé nye dɔme ɖe asi va se ɖe nuwuwu, eye wòɖu dzi la, mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi. 27Akplɔ wo kple gatikplɔ, eye wòagbã wo gudugudu abe ale si wogbãa zee ene. Ŋusẽ anɔ esi abe ale si nye hã mexɔ ŋusẽ tso Tɔ́nye gbɔe la ene. 28Matsɔ ŋukeɣletivi anae. 29Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.