Vai al contenuto

Hiob ƒe Agbalẽ 3

3
Hiob fa konyi na Mawu
1 # Yer 20.14-18. Mlɔeba Hiob va ke nu, eye wòƒo fi de eƒe dzigbe. 2#Sir 23.14.Hiob gblɔ be:
3“Neɖi gbe si gbe
wodzim la ŋu kpékpekpe!
Neɖi zã si gblɔ be,
‘Wofɔ ŋutsuvi ƒe fu’ ŋu kpékpekpe!
4Ŋkeke ma nedo viviti;
Mawu le dziƒo negabia eta o,
eye kekeli nagaklẽ ɖe edzi
gbeɖe o!
5Viviti kple blukɔ nexɔe.
Alilikpowo netsyɔ edzi;
zãdokeli nedo ŋɔdzi nɛ!
6Zã ma ya la,
viviti tsiɖitsiɖi nexɔe keŋ;
megadzɔ dzi le ƒea ƒe ŋkekewo dome o,
womegaxlẽe ɖe dzinu aɖeke
ƒe ŋkekewo me o.
7Nyɔnu nagafɔ fu
le zã ma me azɔ o;
dzidzɔɣli aɖeke
megaɖi le eme o.
8Ame siwo ƒoa fi dea ŋkeke,
eye wosaa gbe doa Livyatan#3.8: LIVYATAN: Amewo bu be lo ɖɔm wole. la,
neƒo fi de zã sia.
9Eƒe ŋukeɣletiviwo nado viviti.
Nekpɔ mɔ na kekeli,
gake ɖeke negado o.
Negakpɔ agudzedze o.
10Nenɔ na zã ma alea
elabe mexe nɔnye ƒe vidzidɔ nu o,
eye mena fukpekpe siawo
to nunye yi o.”
Hiob medi be yeaganɔ agbe o
11Hiob yi edzi be:
“Nu ka ta nyemeku ɖe vidzidɔ me
alo esi wodzim tetee la o?
12Nu ka ta menɔ akɔ?
Nu ka ta meno no?
13Ne ɖe meku kpoo ɣe ma ɣi la,
anye ne fifia mevo.
14Anye ne nye kple fiawo
kpakple adaŋudela
siwo gbugbɔ blemafiasãwo tu
na wo ɖokui lae anɔ teƒe ɖeka.
15Alo nye kple fiavi
siwo si sika le,
ame siwo lɔ klosalo kɔ ɖe
woƒe xɔwo me,
woyɔ taŋ la anɔ teƒe ɖeka.
16Nu ka ta nyemenye fu gege,
alo vidzĩ si mekpɔ kekeli kpɔ oa?
17Tsiẽƒe, afi mae ame vɔ̃ɖiwo
dzudzɔa fuɖeɖe na ame le,
eye ame siwo ŋu ɖeɖi te la,
kpɔa gbɔdzɔe le.
18Gamenɔlawo hã gbɔna ɖe eme ɖekae,
amedzizila aɖeke megabluna
ɖe wo ta o.
19Amegã kple ame gblɔe ɖe sia ɖe sɔ le afi ma;
kluvi vo tso eƒe aƒetɔ si me.
20“Nu ka ta nèna kekeli
ame si le fu kpem,
eye nèna ame si ƒe luʋɔ se veve
gale agbe?
21 # Nyaɖ 9.6. Ku le ame siawo dzrom,
ke mele vavam o.
Wole ku dim vevie
abe kesinɔnu si woɣla
ɖe anyigba tume ke la
kum wole ene.
22Woati kpo, atso aseye
ne wokpɔ yɔdo la.
23Nu ka ta wona kekeli ame si ƒe mɔ bu,
ame si ŋu Mawu tɔ kpɔ ɖo laa?
24Nye hũɖeɖe xɔ nuɖuɖu teƒe,
eye nye ŋeŋe le kɔkɔm ɖi abe tsi ene.
25Elabe nu si mevɔ̃na lae wɔm,
eye nu si dzia ŋɔ nam lae dzɔ ɖe dzinye.
26Nyemekpɔ dzidzeme, gbɔɖeme
alo gbɔdzɔe aɖeke o;
fukpekpe dzi ko mele.”