Vai al contenuto

Yakobo ƒe Agbalẽ 1

1
1 # Mat 13.55; Mar 6.3; Dɔw 15.13; Gal 1.19. Agbalẽ sia tso nye Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔ.
Mele eŋlɔm ɖo ɖe mi, Yuda ƒome wui eve, siwo kaka yi ɖe anyigba bubuwo dzi la.
Medo gbe na mi loo!
Xɔse kple Nunya
2 # Nya 3.5, 6. Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ vovovowo me la, mikpɔ dzidzɔ ale si miate ŋui, 3elabe mienyae be ne wodo miaƒe xɔse kpɔ la, eya mee mietona lia ke sesĩe. 4Ale mina miaƒe kelili nadze ƒãa to miaƒe nuwɔna me, bene miate ŋu anye ame siwo de blibo keŋkeŋ, eye miagahiã naneke o.
5 # Nya 8.20; Sir 51.13, 14. Ne mia dome ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, anae. Enyoa dɔme naa nu ame sia ame faa, eye medoa ŋukpe ame o. 6Ke ne ele gbe dom ɖa la, ele be wòaxɔ Mawu dzi ase. Megake ɖi o, elabe ame si kea ɖi la, le ko abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔnae la ene. 7-8Ɖikela, si ƒe susu trɔna kabakaba eye meli ke le eƒe nuwɔna aɖeke me o la, megabu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o.
Ahedada kple hotsuikpɔkpɔ
9Nɔvi si nye ame dahe neƒo adegbe be Mawu do ye ɖe dzi. 10#Yes 40.6, 7. Nenema ke nɔvi kesinɔtɔ hã neƒo adegbe be Mawu bɔbɔ ye ɖe anyi, elabe kesinɔtɔ ƒe agbe nu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene. 11Ne ɣe dze, eye ŋdɔ ʋu sesĩe la, eɖua gbe wòyrɔna, ale eƒe seƒoƒo duduna, eye eƒe atsyɔ̃ buna vĩ. Alea ke kesinɔtɔ hã anɔ hloloe tsom ʋuu ko, aku.
Dodokpɔ kple tetekpɔ
12Mawu yra ame si do dzi le tetekpɔ me, elabe ne eto eme do la, woatsɔ agbe mavɔ si ŋugbe Aƒetɔ la do na ame siwo lɔ̃e la anae, abe dziɖuɖufiakuku ene. 13#Sir 15.11-20.Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be: “Mawu gbɔ wòtso” o, elabe womate ŋu ate Mawu kpɔ be wòawɔ nuvɔ̃ o. Gawu la, Mawu ŋutɔ metea ame kpɔna be wòawɔ nuvɔ̃ o. 14Ame ŋutɔ ƒe nudzroamewoe blenɛ eye wohenɛ dea tetekpɔ me. 15Ne nudzroame la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃. Ne nuvɔ̃ va tsi nyuie la, edzia ku.
Mawu gbɔe nunana nyuiwo katã tso
16Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana ame aɖeke nable mi o. 17Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe tso dziƒo. Wotso kekeliwo katã ƒe wɔla, Tɔ́ la gbɔ. Naneke metrɔna si doa vɔvɔli ɖe egbɔ o. 18Mawu sia tsɔ lɔlɔ̃nu faa dzi mí, to nyateƒenya la me, be míava zu abe ŋgɔgbevi ene na eƒe nuwɔwɔwo.
Nyanyui la sese kple edziwɔwɔ
19 # Sir 5.11. Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miaƒe ŋku nenɔ nya sia dzi. Ame sia ame nese nya kabakaba, ke megaƒo nu ya kabakaba o, eye megakpɔ dziku hã kabakaba o. 20Elabe dziku menana be ame wɔa nu dzɔdzɔe si Mawu di be newɔ la o. 21Eya ta miɖe asi le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe wɔwɔ kple agbenɔnɔ vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu. Mibɔbɔ mia ɖokui na Mawu, ale be miate ŋu axɔ eƒe nya si wòdo ɖe mia me, si ate ŋu axɔ miaƒe luʋɔwo ɖe agbe la.
22Miwɔ Nyanyui la dzi. Miganye nyaselawo ɖeɖe ko, anɔ mia ɖokui blem o. 23Elabe nyasela si mewɔa nya dzi o la, ɖi ŋutsu si kpɔ eƒe mo le ahũhɔ̃e me. 24Kasia ne wòatrɔ adzo la, eŋlɔ ale si wòle la be xoxo. 25Evɔ la, ame si bua se si de blibo eye wòna ablɔɖe amewo ŋu hekua kutri wɔa nya la dzi la, Mawu ayrae le nu sia nu si wòawɔ la me. Eya mele abe nyasela si ŋlɔa nu be la ene o.
26Ne ame aɖe bu be yesubɔa Mawu, eye meléa eɖokui nyuie le nuƒoƒo me o la, eble eɖokui, eye eƒe mawusubɔsubɔ nye dzodzro. 27Mawusubɔsubɔ si dza, eye ɖi mele eŋu le Mawu kple Tɔ́ la ŋkume o lae nye esi: be woakpe ɖe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋu le woƒe xaxa me, eye ame nate eɖokui ɖa tso nu siwo ƒoa ɖi ame le xexea me la gbɔ.