Vai al contenuto

Yesaya 51

51
Wogblɔ akɔfanyawo na Yerusalem
1“Mi ame siwo dia nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
mi ame siwo dia Aƒetɔ, miɖo tom.
Mikpɔ agakpe
si me wokpa mi tsoe
kple agakpegbãƒe
si me woɖe mi tsoe la ɖa.
2Mibu mia tɔgbui Abraham
kple Sara si dzi mi la ŋu kpɔ.
Esi eya ɖeka nɔ anyi la, meyɔe,
eye meyrae wòdzi sɔ gbɔ fũu.
3Elabe Aƒetɔ afa akɔ na Zion;
afa akɔ na eƒe aƒedowo katã.
Awɔ eƒe gbedadaƒo abe Eden-bɔ ene
kple eƒe kegbegbe abe Aƒetɔ ƒe abɔ ene.
Dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso,
akpedada kple kafukafuha anɔ eme.”
4“Nye dukɔ, miɖo tom;
nye amewo, milé to ɖe ŋunye!
Elabe nufiame ado tso gbɔnye,
eye wòana nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ naklẽ
abe kekeli ene na dukɔwo.
5Nye ɖeɖe tu aƒe,
nye xɔname do yi xoxo.
Nye ŋusẽ aɖu dukɔwo dzi.
Ƒukpowo le mɔ kpɔm nam,
eye wole mɔ kpɔm na nye ŋusẽ.
6Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒowo.
Mide mo to ne miakpɔ anyigba,
elabe dziƒo abu vĩ abe dzudzɔ ene
anyigba anyunyɔ abe avɔ ene,
eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene.
Ke nye xɔname anɔ anyi tegbee
eye nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu mayi akpɔ o.
7Mi ame siwo nya nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
mi dukɔ si ƒe dzime nye se la le, miɖo tom.
Ne woɖu fewu le mia ŋu la,
migavɔ̃ o.
Ne wodo vlo mi la,
dzi megaɖe le mia ƒo o.
8Elabe agbagblaʋui aɖu wo
abe avɔ ene,
eye tsiƒomee aɖu wo
abe kuntru ene.
Ke nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ anɔ anyi tegbee,
eye nye xɔname anɔ anyi
na dzidzimewo katã.”
9Aƒetɔ ƒe alɔ,
nyɔ, nyɔ, kpla ŋusẽ!
Nyɔ abe le blemaŋɔli ene,
abe ale si nènyɔna
na dzidzimewo gbe aɖe gbe ene.
Ɖe menye wòe fli Raxab kakɛkakɛe,
eye nèƒo nu ɖe ʋɔdriba la oa?
10Ðe menye wòe na atsiaƒu mie,
mie de gogloƒewo ke gɔ̃,
eye nèdo mɔ to egɔme
be ame siwo nèɖe la,
nazɔ edzi yi oa?
11Ale ame siwo Aƒetɔ xɔ ƒle la
atrɔ gbɔ va Zion kple hadzidzi,
eye woanɔ dzidzɔ kpɔm tegbee.
Dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso dzi
ko woanɔ,
eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.
12“Nye, nyee nye ame si faa akɔ na mi.
Nu ka ta miele amegbetɔ kukua,
gbetɔ si nu yina abe gbe ene la, vɔ̃m?
13Mieŋlɔ Aƒetɔ, mia Wɔla,
ame si he dziƒowo me,
eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be.
Miele ame siwo te mi ɖe anyi
kple dziku la vɔ̃m gbe sia gbe,
elabe woɖoe be yewoatsrɔ̃ mi.
Ke ame si te mi ɖe anyi la
ƒe dɔmedzoe la ɖe?
14Woaɖe ame si wote ɖe anyi la kaba;
maku ayi aʋlime
alo nuɖuɖu nahiãe o.
15Elabe nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu.
Nyee blua atsiaƒu,
eye eƒe tsotsoewo dzea agbo.
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔlae nye eŋkɔ.
16Metsɔ nye nya de nuwò,
eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli me.
Nyee he dziƒowo me,
eye meɖo anyigba gɔme anyi,
eye mele gbɔgblɔm na Zion be:
‘Nye dukɔ nènye.’ ”
Yerusalem ƒe fukpekpe wu nu
17 # Nyaɖ 14.10; 16.19. Fɔ, fɔ!
Yerusalem, tsi tsitre!
Wò si no dɔmedzoekplu me nu
tso Aƒetɔ si me.
Èno nu muame si le kplua me
ƒiaƒiaƒia kpɔ egɔme ke.
18Kplɔla aɖeke mele vi siwo katã wòdzi la
dome si afia mɔe o,
eye esiwo katã wònyi wotsi la hã
dometɔ aɖeke meli alé eƒe alɔnu o.
19Nu eve siawoe dzɔ ɖe dziwò,
ame kae ase veve ɖe wò ti?
Nuwo gblẽ, nuwo tsrɔ̃,
dɔ to, aʋa dzɔ.
Ame kae afa akɔ na wò?
20Viwòwo ku ƒenyi,
mlɔ anyi ɖe ablɔwo dzi keŋ
abe ahlɔ̃e si ɖɔ ɖe la ene.
Aƒetɔ ƒe dziku te wo ŋu,
wò Mawu ƒe agbodzedze nu sẽ ɖe wo dzi.
21Eya ta se nya sia,
wò ame si wowɔ nu vevii eye nèmu,
evɔ menye wain ye nèno mu o.
22Wò Aƒetɔ, Aƒetɔ, wò Mawu
ame si ʋlia eƒe dukɔ la ta la gblɔ be:
“Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si me nu muame
le la le asiwò.
Màgano nu le dɔmedzoekplu la me azɔ o.
23Matsɔ kplua ade
ame siwo wɔ funyafunya wò la si me.
Woawoe gblɔ na mi be:
‘Mibɔbɔ ne míazɔ mia dzi ayi.’
Ale miewɔ miaƒe dzime
abe anyigba ene
abe mɔ dodo ene, wozɔ edzi.”