Vai al contenuto

Yesaya 42

42
Aƒetɔ ƒe dɔla
1 # Mat 3.17; 17.5; Mar 1.11; Luk 3.22; 9.35. # Mat 12.18-21. Kpɔ ɖa, nye dɔla si melé ɖe te
lae nye esi.
Nye ame tiatiae,
nye luʋɔ kpɔa dzidzɔ le eŋu.
Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi.
Eyae ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ɖe go
na dukɔwo.
2Mado ɣli alo akɔ gbe dzi o.
Mana woase eƒe gbe
le ablɔwo dzi o.
3Maɖe aƒla si ŋe la ɖa
le enu o,
eye matsi akaɖi me ɖovu
si le tsitsim la o.
Ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ɖe go
le nyateƒe me.
4Magbɔdzɔ o,
dzi hã maɖe le eƒo o,
va se ɖe esime wòaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe
gɔme anyi ɖe anyigba dzi.
Ƒukpowo le mɔ kpɔm
na eƒe se la.
5 # Dɔw 17.24, 25. Mawu Aƒetɔ, ame si wɔ dziƒowo,
eye wòhe wo me,
ame si keke anyigba kple edzi nu miemiewo ɖe nu,
ame si na agbegbɔgbɔ anyigbadzinɔlawo
kple gbɔgbɔ ame siwo zɔa edzi la be:
6 # Yes 49.6; Luk 2.32; Dɔw 13.47; 26.23. “Nyee nye Aƒetɔ, meyɔ wò
hena nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
Melé wò alɔnu hekpɔ tawò.
Metsɔ wò na ameha la
abe nubabla ene
abe kekeli ene na dukɔwo;
7ne nàʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo,
nàɖe ga ame siwo wode gaxɔ me
kple ame siwo le viviti me la
tso gaxɔ me.
8Nyee nye Aƒetɔ, ŋkɔnyee.
Nyematsɔ nye bubu ana ame tutɔ
kple nye kafukafu ana legbawo o.
9Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme.
Azɔ mele gbeƒã ɖem nu yeyewo.
Mele wo gblɔm na mi hafi woava dzɔ.”
Kafukafuha
10Midzi ha yeye na Aƒetɔ!
Midzi ha kafui
tso anyigba ƒe mlɔenu ke!
Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme,
ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo siaa naɖe gbe.
11Mina kegbegbe kple edzi du gãwo,
du sue siwo me Kedar le la, nakɔ gbe dzi!
Mina Selanɔlawo, nadzi dzidzɔha.
Mina woado ɣli tso towo tame ke!
12Mina woade bubu Aƒetɔ ŋu,
eye mina woaɖe gbeƒã akafui le ƒukpowo dzi!
13Aƒetɔ do abe ŋusẽtɔ ene
eƒe lã me le fiefiem abe aʋawɔla ene.
Ekɔa gbe dzi, doa ɣli bobobo!
Eɖea eƒe ŋusẽ fiaa eƒe futɔwo.
Mawu do ŋugbe be yeakpe ɖe yeƒe dukɔ ŋu
14Mezi ɖoɖoe eteƒe didi;
memia nu kpoo,
eye mezi ɖokuinye dzi.
Azɔ mado ɣli
abe nyɔnu si fu le ɖuɖum la ene.
Malɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo
anɔ gbɔgbɔm fuxefuxe.
15Magblẽ nu le towo kple togbɛwo dzi.
Mana gbewo katã naƒu le wo dzi.
Mana tɔsisiwo natso kpò,
tɔdomekpowo nadze eye táwo namie.
16Makplɔ ŋkuagbãtɔwo ato mɔ
si womenya o la dzi.
Toƒe si womenya o,
manɔ ŋgɔ akplɔ wo atoe.
Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ,
eye toƒe tsakliwo azrɔ̃.
Nu siawo mawɔ,
eye nyemagblẽ wo ɖi o.
17Woagbugbɔ ame siwo ɖoa dzi
ɖe aklama kpakpɛwo ŋu,
eye wogblɔna na legbawo be:
“Miawoe nye míaƒe mawuwo” la,
ayi megbe, eye woado ŋukpe wo vevie.
Israel gbe be yemasrɔ̃ nu o
18Mi tokunɔwo, mise nu!
Mi ŋkuagbãtɔwo, mifɔ kɔ dzi
ne miakpɔ nu!
19Ame kae nye ŋkunɔ?
Ɖe menye nye dɔlae oa?
Ame kae nye tokunɔ
abe nye ame si medɔ la ene?
Ame kae nye ŋkuagbãtɔ
abe nye ame si ŋu wokɔ la ene?
Alo ame ka ƒe ŋkue gbã
abe Aƒetɔ ƒe dɔla tɔ ene?
20Èkpɔa nu geɖe;
ke mèléa ŋku ɖe wo ŋu o.
Èkea to ɖi;
ke mèsea nu o.
21Edze Aƒetɔ ŋu,
le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta,
be wòade kɔkɔ eƒe se la ŋu,
ne bubu nanɔ eŋu.
22Ke dukɔ si woda adzoe,
eye woha la wònye.
Do zu mɔ̀ ɖe emenɔlawo katã,
eye woɣla wo ɖe gaxɔwo me.
Wozu nulélewo;
ke ame aɖeke meli axɔ na wo o.
Woha wo;
ke ame aɖeke meli agblɔ be:
“Migbugbɔ wo vɛ” o.
23Mia dometɔ kae alé to
ɖe nu sia ŋu?
Ame kae aɖo to asee
na ɣeyiɣi si gbɔna la?
24Ame kae de Yakob asi
be woaha,
eye wòde Israel asi
be woada adzoe?
Ɖe menye Aƒetɔ
ame si ŋu miewɔ nuvɔ̃ ɖo
ame si ƒe mɔwo dzi wometo o
kple ame si ƒe se
womeɖo toe o la ŋue oa?
25Ale wòtrɔ eƒe dziku helihelĩ la
kple eƒe aʋa ƒe ŋusẽ kɔ ɖe edzi.
Etɔ dzoe ƒo xlã va kpe ɖo;
ke mese eme o.
Dzo la fiãe;
ke mede dzi gbɔ nɛ o.