Yesaya 10
10
1Baba na ame siwo wɔ se madzɔmadzɔwo
kple ame siwo ŋlɔ ɖoɖo
siwo te amewo ɖe anyi ɖi la.
2Wowɔa alea be woate wɔnamanɔŋutɔwo
ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to,
woada dzo nye dukɔ la ƒe ame dahewo
ƒe nu le wo si,
ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu,
eye woawɔ tsyɔ̃eviwo woƒe nulélewoe.
3Nu ka miawɔ gbe si gbe
wole to hem na mi?
Ne dzɔgbevɔ̃e tso adzɔge va do ɖe,
nu ka miawɔ?
Ame ka miasí atso?
Afi ka miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo?
4Nu si ko miawɔ lae nye be
miabɔbɔ ɖe gamenɔlawo dome,
eye miadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome.
Togbɔ be nu siawo katã dzɔ hã la,
Aƒetɔ ƒe dzi mefa o;
eƒe abɔ gale dzi kokoko.
Asiria Dziɖula, Mawu ƒe amedɔdɔ mawɔnuteƒe
5 #
Yes 14.24-27; Nax 1.1—3.19; Zef 2.13-15. Baba na Asiria Dziɖula,
nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti la;
nye dziku ƒe ati le esi me.
6Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu la ŋu.
Meɖe gbe nɛ
ɖe dukɔ si ŋu medo dɔmedzoe ɖo la ŋu,
be wòasii, ahae,
eye wòafanyae abe ba le kpɔdomee ene.
7Ke eya mesusui nenema o,
eye mebui le dzime alea o,
ke eɖoe ɖe tame be yeagblẽ nu
ahatsrɔ̃ dukɔ geɖewo.
8Elabe egblɔ be:
“Ɖe nye aʋakplɔlawo katã
menye fiawo oa?
9Ɖe nu si dzɔ ɖe Kalno dzi la,
mele abe esi dzɔ ɖe Karkemis dzi la ene oa?
Ɖe nu si va eme na Xamat la,
mele abe Arpad tɔ ene oa?
Alo ɖe Samaria tɔ mesɔ
kple Damasko tɔ oa?
10Ale si nye asi su fiaɖuƒe
siwo subɔa legbawo dzii,
legba siwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu Yerusalem
kple Samaria tɔwo la,
11ɖe nyemawɔ nenema
na Yerusalem kple eƒe legbawo,
abe ale si mewɔ na Samaria
kple eƒe legbawo ene oa?”
12Ne Aƒetɔ la wu eƒe dɔwo katã nu ɖe Zion-to la kple Yerusalem ŋu vɔ la, agblɔ be: Mahe to na Asiria Dziɖula ɖe eƒe dàda kple adegbe si ƒom wòle la ta. 13Elabe egblɔ be:
“Nye ŋutɔe tsɔ nye asi
kple nunya wɔe,
elabe mese nu gɔme.
Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa
heha woƒe kesinɔnuwo,
eye metutu fiazikpui dzi nɔlawo
ƒu anyi abe ŋusẽtɔ ene.
14Nye asi su dukɔwo ƒe kesinɔnuwo dzi
abe xevitɔ ene.
Abe ale si wolɔa azi
siwo xeviwo gblẽ ɖi ene la,
nenemae melɔ anyigba blibo lae;
ame aɖeke meƒo aʋala
alo kè dɔ hexlɔ̃ fĩ o.”
15Ɖe fía ado eɖokui ɖe dzi
le ame si le eŋudɔ wɔm la ŋkumea?
Alo laxalaxa atɔ asi akɔ
ɖe ame si le ehem la ŋua?
Ɖe ameƒoti awɔ ame
si kɔe dzi la ŋu dɔa?
Alo ɖe atizɔti atɔ̀ amea?
16Eya ta Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la
aɖo dɔ vɔ̃ ɖe eƒe ame damiawo dome, woaɖi ku,
eye eƒe ŋutikɔkɔe abi nu
abe ale si dzo fiãa nui ene.
17Israel ƒe kekeli azu dzo,
eye eƒe Kɔkɔetɔ azu dzo ƒe aɖe
ahabi eƒe aŋɔka kple ŋuwo
woafiã le ŋkeke ɖeka dzi.
18Atsrɔ̃ eƒe ave dodowo kple agble
wɔnuku dzeaniwo keŋkeŋ,
eye woanɔ abe ale si dɔléle
kpea dɔnɔ dzii ene.
19Woate ŋu axlẽ eƒe avemeti siwo susɔ la,
eye ɖevi ɖeka aŋlɔ wo ɖe agbalẽ me.
Ame ʋɛ aɖewo atrɔ agbɔ
20Ava eme gbe ma gbe be Israel ƒe ame susɔeawo, Yakob ƒe ƒome la, ƒe ame siwo tsi agbe la magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu azɔ o, ke boŋ woaɖo dzi ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me. 21Ame siwo susɔ la atrɔ agbɔ; Yakob ƒe ame susɔeawo atrɔ va Mawu Ŋusẽtɔ la gbɔ. 22#Rom 9.27. Togbɔ be wò dukɔ Israel sɔ gbɔ abe ƒutake ene hã la, ame ʋɛ aɖewo koe asusɔ agbɔ. Woatsrɔ̃ godoo le sedede dzɔdzɔe si gbã go la nu. 23Elabe Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la ɖoe kplikpaa be yeatsrɔ̃ wo le anyigba blibo la dzi.
24Eya ta Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la le gbɔgblɔm be: “Nye dukɔ si le Zion, mègavɔ̃ Asiriatɔwo ne wotsɔ ati ƒo wò, eye wòkɔ kpo dzi ɖe ŋuwò abe Egiptetɔwo ene o. 25Elabe le gowòme la, esusɔ vie ko nye dziku la nu nayi eye matrɔ aɖe dɔmedzoe ɖe wo ŋu, atsrɔ̃ wo. 26Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖe ameƒoka ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb-kpe la gbɔe ene, eye eƒe atikplɔ anɔ atsiaƒu dzi abe ale si wòdoe ɖe dzi le Egipte ene. 27Ɣe ma ɣi la, aɖe eƒe agba le wò abɔta kple kɔkuti le wò kɔ.”
Etso Rimon yi.#10.27: Hebri Biblia be: Aɖe eƒe kɔkuti le wò kɔ, eye woaŋe kɔkuti le amidada ta.
Futɔwo dze dua dzi
28Eva dze Ayat-du dzi.
Eto Migron,
eye wògblẽ eƒe agba ɖe Mixmas.
29Woto todomemɔ,
eye wotsi Geba dɔ.
Rama dzo nyànyanya;
Saul ƒe Gibea de afɔ du me.
30Galim-nyɔnuvi, ƒu asi nu!
Laisa, ƒu to anyi.
Anatot, ɖo eŋu nɛ!#10.30: Gɔmeɖeɖe aɖewo be: Anatot, wò nu wɔ nublanui loo!
31Madmena de afɔ du me.
Gebitɔwo sí ɖabè.
32Egbea ke, atɔ ɖe Nob,
eye wòaŋlɔ kɔ
ɖe Zion vinyɔnu ƒe to la ŋu,
ɖe Yerusalem-togbɛ la ŋu.
33Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la
alã atilɔwo kple ŋɔdzi,
atso esiwo de dzi bobobo la,
eye wòamu kɔkɔtɔwo aƒu anyi.
34Atsɔ fía amu atiwo
le ave dodowo me.
Lebanon kple eƒe ati gã nyakpɔwo ava anyi.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.