Esta G 6
6
Fia la de bubu Mardoxai ŋu
1 Le zã ma me la, Aƒetɔ la te alɔ̃dɔdɔ fia la. Ale wòɖe gbe na eƒe agbalẽŋlɔla be wòatsɔ gbe sia gbe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ vɛ, eye wòaxlẽe na ye. 2 Eke ɖe nu siwo woŋlɔ tso Mardoxai ŋuti la ŋu. Ekpɔ nu si Mardoxai gblɔ na fia la tso eƒe ame tata eve siwo nɔ fiasã la ŋu dzɔm la ŋu, eye woɖo be yewoalé fia Artaxerxes. 3 Fia la gblɔ be: “Bubu alo asixɔxɔ kae míede Mardoxai ŋu?” Fia ƒe subɔlawo ɖo eŋu be: “Mèwɔ naneke nɛ o.” 4 Esime fia la le nu me kum tso Mardoxai ƒe nyuidiname si woɖe fia ŋuti la, Haman nɔ xɔxɔnua. Fia la bia be: “Ame kae le xɔxɔnua?” Azɔ Haman le afi ma xoxo be yeagblɔ kadede ve na Mardoxai ɖe ati si wòwɔ la ŋu na fia la. 5 Fia ƒe subɔlawo ɖo eŋu be: “Haman ye le tsitre ɖe xɔxɔnua.” Fia la gblɔ be: “Nege ɖe eme.” 6 Tete fia la bia Haman be: “Nu ka mawɔ na ame si ŋu medi be made bubui la?” Ale Haman bia eɖokui be: “Ame ka ŋu fia la di be yeade bubui, ne menye nyee o?” 7 Tete wògblɔ na fia la be: “Ne fia di be yeade bubu ame aɖe ŋu la, 8 ekema wòana dɔlawo woatsɔ fia ƒe sedawu legbe xɔasi si fia dona la kple sɔ si fia dona la vɛ. 9 Woatsɔ nu eve siawo na fia xɔlɔ̃ bubumeawo dometɔ ɖeka, eye woado wo na ame si fia la lɔ̃. Wòaɖoe sɔ la dzi, eye wòana wòado sɔa ato dua ƒe ablɔwo me, eye wòana woagblɔ be: “Ale wòdze be woawɔe na ame sia ame si ŋu fia di be yeade bubui lae nye esi.” 10 Tete fia la gblɔ na Haman be: “Wò susu si nèdo ɖa la nyo ŋutɔ! Wɔ ale si nègblɔ la na Mardoxai, Yudatɔ si le xɔxɔnua le ɣeyiɣi sia me. Mègana naneke natrɔ le nu siwo nègblɔ la me o.” 11 Ale Haman xɔ awu ʋlaya la kple sɔ la. Edo awu ʋlaya la na Mardoxai, eye wòna wòdo sɔ la to du la ƒe takpeƒe le gbeƒã ɖem be: “Ale wòdze be woawɔ na ame sia ame si ŋu fia la di be yeade bubui!” 12 Tete Mardoxai trɔ yi xɔxɔnua, eye Haman ɖe abla trɔ yi aƒeme, le konyi fam, tsyɔ nu ta. 13 Haman gblɔ nu si dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a Zosara kple xɔlɔ̃awo. Xɔlɔ̃awo kple srɔ̃a gblɔ nɛ be: “Ne Mardoxai nye Yudatɔ, eye wodze wò, bɔbɔ ɖe anyi gɔme le eŋkume alea la, ekema àdze anyi godoo. Màte ŋu aʋli ɖokuiwò ta o, elabe Mawu gbagbe la li kple eyama.”
Wowu Haman
14 Esime wogale nu ƒom la, ame tataawo va kplɔ Haman kabakaba yi ɖe nuɖukplɔ̃ si Esta ɖo la ŋu.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.