Vai al contenuto

Esta G 4

4
Mardoxai bia Esta ƒe kpekpeɖeŋu
1 Esi Mardoxai nya nu siwo katã wowɔ la, edze eƒe awuwo, ta akpanya eye wòʋuʋu dzowɔ ɖe eɖokui ŋu. Tete wòsi du to du la ƒe mɔdodowo dzi, le ɣli dom lélele be: “Wole dukɔ maɖifɔ aɖe si menya vɔ̃ o la tsrɔ̃m!” 2 ɖaɖo keke fia ƒe agbo nu. Etɔ ɖe afi ma, elabe mɔɖeɖe meli be ame aɖeke nage ɖe xɔxɔnua le akpanya kple dzowɔ me o. 3 Le nutome ɖe sia ɖe, afi si woklã fia ƒe sededea ɖo la, konyifafa kple nublanuiɣli ɖi sesĩe le Yudatɔwo dome, eye wota akpanya, si dzowɔ ɖe ŋui. 4 Esi fianyɔnua ƒe nyɔnu subɔlawo kple ame tataawo ɖagblɔe na Esta la, eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ le nu si wòse be edzɔ la ta, eye wòtsɔ awu aɖewo ɖo ɖe Mardoxai be wòado ɖe akpanya teƒe, gake melɔ̃ o. 5 Esta yɔ Haxrateo, ame tata si subɔnɛ la, eye wòɖe gbe nɛ be wòaɖaxɔ nya la me kɔkɔ tututu vɛ na ye tso Mardoxai gbɔ. 6 Ale Haxrateo do yi Mardoxai gbɔ le mɔdodoa si dze ŋgɔ, dugbo la dzi.
7 Mardoxai gblɔ nu si dzɔ la nɛ kple ale si Haman do ŋugbe be yeaxe klosalo kpekpeme ton alafa etɔ̃ kple bla ene, ne woatsɔ ada ɖe fia la ƒe kesinɔnudzraɖoƒe la, ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo. 8 Etsɔ agbalẽ si woɖo ɖa woklã le Susa be woatsrɔ̃ wo la hã ƒe gbugbɔŋlɔ la nɛ, bene wòatsɔ afia Esta. Egblɔ nɛ be wòatee ɖe Esta dzi be wòayi ɖe fia la gbɔ aɖaƒo koko nɛ be wòave yewo nu le ameawo ŋkɔ me. 8a Egblɔ be: ‘“Ɖo ŋku ŋkeke siwo nènye ame tsɛ ko, nɔ nye hehe te la dzi, elabe Haman, ame si kplɔ fia la ɖo la, gblɔ nya tsi tre ɖe mía ŋu eye wòdi be míaku. 8b Yɔ Aƒetɔ la, eye nàƒo nu na fia ɖe mía nu, ne nàxɔ mí ɖe agbe tso ku si me.” 9 Haxrateo ge ɖe eme ɖagblɔ nu siawo katã na Esta. 10 Egblɔ nɛ be: “Yi Mardoxai gbɔ, nàɖagblɔ be: 11 ‘Dukɔ siwo katã le dziɖuƒea me la nyae be ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe yi ɖe xɔxɔnu emetɔ me esime womeyɔe o la, sisí mele ame ma ŋu o. Ame si gbɔ fia la tsɔ sikafiatikplɔ la do ɖa koe le dedie; ŋkeke bla etɔ̃ koe nye esi woyɔm mede fia la gbɔ’.
12 Esi Haxrateo ɖe gbedeasi blibo la na Mardoxai vɔ la, 13 Mardoxai gblɔ nɛ be netrɔ yi ɖagblɔ na Esta be: “Esta, mègagblɔ na ɖokuiwò be wò ɖeka koe le Yudatɔwo katã dome, así atsi agbe o. 14 Elabe ne èzi kpi le ɣeyiɣi sia tɔgbe me la, kpekpeɖeŋu kple ametaʋiʋli ava na Yudatɔwo tso afi bubu aɖe; evɔ la wò kple tɔ́wò ƒe ƒome la ya miatsrɔ̃. Ke ame kae nya ne menye ɣeyiɣi sia tɔgbe tae wòɖo wò fianyɔnue o?” 15 Tete Esta tsɔ ŋuɖoɖo sia na amedɔdɔ la be wòatrɔ ayi na Mardoxai: 16 “Yi nàɖaƒo Yudatɔ siwo katã le Susa-du me la nu ƒu, eye miatsi nu adɔ le tanye. Ŋkeke etɔ̃, zã etɔ̃ la, miegaɖu nu alo ano nu o, eye nye kple nye dɔlawo hã mianɔ anyi numaɖumaɖui. Ema megbe la, mayi ɖe fia la gbɔ, esi mele sea nu hafi o, ne edze be maku ŋutɔ gɔ̃ hã.” 17 Ale Mardoxai dzo yi ɖawɔ nu si Esta gblɔ nɛ be newɔ la.
KPEKPEƉEŊU D
Mardoxai ƒe gbedodoɖa
18 Tete Mardoxai do gbe ɖa na Aƒetɔ la, esime wòɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi. 19 Egblɔ be: “O Aƒetɔ, Aƒetɔ, wòe ɖu nuwo katã dzi abe fia ene, elabe xexe la le wò ŋusẽ te. Ame aɖeke meli ate ŋu atsi tre ɖe ŋuwò, nenye wò didi be yeaxɔ Israel ɖe agbe o. 20-21 Elabe wòe wɔ dziƒo kple anyigba kpakple nu wɔnuku ɖe sia ɖe le dziƒo” te. 22-23 Wòe nye Aƒetɔ na nuwo katã, eye ame aɖeke meli si ate ŋu atɔ ɖe wò, Aƒetɔ la ŋkume o. 24 Wòe nya nuwo katã. Wòe nyae, o Aƒetɔ be menye ɖe amemabumabu loo, alo dàda loo, alo ameɖokuikafukafu didi tae mewɔ nu sia ɖo, hegbe be nyemade ta agu na Haman, dàdala sia o. 25#Mos II, 3.6.17ɛ Elabe malɔ̃ be maɖuɖɔ eƒe afɔƒome gɔ̃ be ne maxɔ Israel ɖe agbe! 26 Mewɔ nu sia ne magade bubu amegbetɔ ŋu wu bubudede Mawu ŋu o. Nyemade ta agu na ame aɖeke o, negbe wò si nye nye Aƒetɔ la ko, eye nyemawɔ nu siawo le dàda me o. 27 Azɔ, o Aƒetɔ Mawu kple Fia, Abraham ƒe Mawu, ɖe wò dukɔ la, elabe míaƒe futɔwo ƒe ŋku le mía dzi be yewoaɖe mí ɖa keŋkeŋ. Wodi be yewoatsrɔ̃ domenyinu si nye wò ŋutɔ tɔwò tso gɔmedzedzea me ke la. 28 Mègaɖe asi le tɔwò gome si wò ŋutɔ nèɖe na ɖokuiwò tso Egipte-nyigba dzi la ŋu o. 29 Se nye gbedodoɖa, eye nàkpɔ nublanui na wò domenyinu la. Trɔ míaƒe konyifafawo wòazu azãɖuɖu be míanɔ agbe, adzi ha, akafu wò ŋkɔ, o Aƒetɔ. Mègatsrɔ̃ nuyi siwo kafua wò la o.’ 30-31 Ale Israel blibo la do ɣli sesĩe elabe wole woƒe ku kpɔm le woawo ŋutɔ ŋkume.
Esta ƒe gbedodoɖa
32 Tete fianyɔnu Esta si yɔ fũu kple dzimaɖi be yele kuku ge la, sí yi Aƒetɔ la gbɔ. Eɖe eƒe awu nyui nyakpɔ la ɖi, eye wòdo nuxaxa kple konyifawuwo. Esi dzowɔ kple lãmí ɖe ta, ɖe ami ʋeʋẽe xɔasi teƒe, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi keŋkeŋ. Etsɔ eƒe taɖa si tro la tsyɔ teƒe ɖe sia ɖe si wòdina be yeaɖo atsyɔ̃ na la. Edo gbe ɖa na Aƒetɔ Israel Mawu la gblɔ be: 33 ““O nye Aƒetɔ, wò koe nye míaƒe fia. Kpe ɖe ŋunye. Nye ɖeka koe li; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli nam o, negbe wò ko, elabe nye ku le asinye me. 34 Tso keke esime wodzim la, mese le nye ƒome ƒe to la me be, wò, o Aƒetɔ, ètia Israel le dukɔwo katã dome eye nètia mía tɔgbuiwo tso wo tɔgbuiwo katã dome be wòanye wò domenyinu tegbee. Èwɔ nu siwo katã ŋugbe nèdo na wo la na wo. 35 Ke azɔ la, míewɔ nuvɔ̃ le wò ŋkume eye nètsɔ mí de asi na míaƒe futɔwo, elabe míede bubu woƒe mawuwo ŋu. Èwɔa nu dzɔdzɔe, o Aƒetɔ! 36-37 Azɔ la meɖi ƒo na wo be míele kluvinyenye vɔ̃ɖi me o, ke boŋ wobla nu kple woƒe legbawo be yewoatsrɔ̃ nu si wò nu ɖo anyi, eye yewoatsrɔ̃ wò domenyinu la, woatsi nuyi siwo kafua wò la nu eye woatsi wò vɔsamlekpui la kple wò aƒe la kafukafu nu. 38 Ale be dukɔwo nake nu akafu legba dzodzrowo eye woado fia dzɔnaku la ɖe dzi tegbee. 39 O Aƒetɔ, mègaɖe asi le wò fiatikplɔ ŋuti na nu si me agbe mele o la o. Mègana be woako míaƒe anyidzedze o, ke boŋ trɔ woƒe ɖoɖoawo ɖe woawo ŋutɔ ŋu, eye nàtsɔ eya ame si dze nu sia gɔme ɖe mía ŋuti la awɔ kpɔdzidzee. 40 Ɖo ŋu, o Aƒetɔ, nà woadze si wò le míaƒe fukpeɣi sia me, eye nàdo ŋusẽm, o mawuwo ƒe Fia kple dziɖuɖuwo katã ƒe Aƒetɔ! 41#Yudit 9.13.17r Na be maƒo nu nyuie le dzata la ŋkume, eye trɔ eƒe dzi ne wòatsri ame si le avu wɔm kple mí la, ale be eya kple ame siwo wɔ ɖeka kplii la nu nayi. 42 Ke, ɖe mí kple wò asi, kpe ɖe ŋunye; nye ɖeka koe li; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli o, ke wò, koe o Aƒetɔ. 43 Wòe dze si nuwo katã. Ènyae be metsri ŋutasẽla la ƒe atsyɔ̃ eye megbe nu le bolobolotɔ la kple dzrodukɔmetɔ la ƒe aba gbɔ. 44 Wòe nya nu si hiãm vevie la; wòe nya be metsri nye ɖoƒe la ƒe adegbeƒoƒo ƒe dzesi, si le dzinye, le ŋkeke siwo dzi medo ɖe ame dome la. Metsrii abe avɔ vuvu ƒoɖi ene, eye le nye vovoɣi la nyemeɖɔnɛ o 45#Dan 1.8; Yudit 12.2.17v Wò dɔla meɖu nu le Haman ƒe kplɔ̃ ŋu o. Nyemede bubu fia la ƒe azãɖuɖu ŋu, alo no wain si wotsɔ ƒo tsi ɖe anyi la o. 46 Wò subɔla mekpɔ dzidzɔ kpɔ tso gbe si gbe wokplɔm va afi sia va se ɖe fifi o, negbe le mewò ko, o Aƒetɔ Abraham ƒe Mawu. 47 O Mawu, wò si ƒe ŋusẽ le nuwo katã dzi, se ame si bu mɔkpɔkpɔ la ƒe gbe, eye nàxɔ mí ɖe agbe tso nuvɔ̃ɖi wɔlawo si me. Xɔm ɖe agbe tso nye vɔvɔ̃ si me.”
KPEKPEƉEŊU D ƑE NUWUWU