Nyagblɔla Salomo 9
9
1Mebu tame le nya siawo katã ŋu, eye melé ŋku ɖe wo ŋu nyuie. Mekpɔ be Mawu ƒe asi me ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo siaa ƒe nuwɔwɔwo le. Lɔlɔ̃ wònye o, fuléle wònye o, ame aɖeke menya o. 2Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã. Nya ɖeka tɔgbee dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, ame dzadzɛ kple ame madzamadza, ame si saa vɔ kple ame si mesaa vɔ o la siaa dzi. Ale si wòle na nu nyui wɔla la, nenema ko wòle na nuvɔ̃wɔla hã. Ale si wòle na ame si kaa atam la, nenema ko wòle na ame si vɔ̃a atamkaka la hã. 3Nu si vɔ̃ɖi le nu siwo katã dzɔna le ɣea te la domee nye be nya ɖekae dzɔna ɖe amewo katã dzi. Ẽ, gawu la, amegbetɔ ƒe tame yɔ fũu kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ. Eƒe agbenɔnɔ blibo la nye aɖaʋadzedze, eye eya megbe ko la, edzo yi tsiẽƒe. 4Ke ame si gale agbagbeawo dome ko ya la, mɔkpɔkpɔ le esi, elabe avu gbagbe nyo wu dzata kuku. 5Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge; ke kukuawo ya menya naneke o. Fetu aɖeke megali na wo o, elabe woŋlɔ wo be. 6Woƒe amelɔlɔ̃, fuléle kple ŋuʋaʋã nu yi xoxoxo. Womagakpɔ gome le nu siwo katã dzɔna le ɣea te la me gbeɖe o.
7Eya ta heyi nàɖu wò nu kple dzidzɔ, eye nàno wò wain le dzidzeme me elabe Mawu da asi ɖe nu siwo wɔm nèle la dzi tso gbe aɖe gbe ke.
8Wò nudodowo nanye nu ɣi ɣe sia ɣi, eye mègagbe amisisi ɖe tame ɣeaɖekeɣi o.
9Ðu agbe kple srɔ̃wò lɔlɔ̃a le wò agbe ƒuƒlu sia si wona wò le ɣea te la katã me, elabe eyae wò hã nèxɔ vɛ. Esia nye tɔwò gome le agbe me kple agbagba siwo nèdzena le ɣea te la me. 10Dɔ sia dɔ si ŋu nède asi be yeawɔ la, wɔe kple wò ŋutete, elabe le tsiẽƒe, afi si yi ge nàla godoo la, dɔwɔwɔ, tamebubu, nunya alo sidzedze aɖeke meli o.
11Megakpɔ dze sii hã be, le ɣea te la, menye du sesẽ ƒulae xɔa gbãtɔ o; menye kalẽtɔe ɖua dzi le aʋa o. Menye nunyalae kpɔa nu ɖuna o; menye ayedzelae kpɔa kesinɔnu o; menye aɖaŋudzela nue wovena o, elabe ɣeyiɣi kple nuɖiɖeame li na wo katã. 12Amegbetɔ menya ɣe si ɣi vɔ̃ aɖi kpee o. Ale si ɖɔ léa tɔmelã ŋutasẽtɔe, eye mɔ̀ ɖea xeviwoe la, nenema tututue dzɔgbevɔ̃e lilia amegbetɔwo hãe; ɖeko wòdzɔna ɖe wo dzi kpata.
Nunya kɔ wu bometsitsi
13Megake ɖe nunya ƒe kpɔɖeŋu si gbɔna la hã ŋu le ɣea te. Mebui nu vevi aɖee. 14Eva eme be du sue aɖe nɔ anyi si me ame ʋɛ aɖewo ko nɔ. Fia ŋusẽtɔ aɖe ho aʋa ɖe du sia ŋu, eye wòna asrafowo ɖe to ɖee. Eƒo kpo gãwo ɖe dua ŋu. 15Ke ame dahe nyanu aɖe nɔ dua me. Eya tsɔ eƒe nunya xɔ na du la. Gake ame aɖeke megaɖo ŋku ame dahe la dzi emegbe o. 16Ale megblɔ be nunya nyo wu ŋusẽ. Ke hã la, wodoa vlo ame dahe ƒe nunya, eye womeléa to ɖe eƒe nya ŋu o.
17Enyo be woaɖo to nunyala ƒe nya, siwo wògblɔ kple gbe bɔbɔe la, wu dziɖula ƒe ɣlidodo le movitɔwo dome. 18Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nugblẽla ɖeka gblẽa nu nyui geɖe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.