Vai al contenuto

Nyagblɔla Salomo 12

12
1Ðo ŋku wò Wɔla dzi esime nègale ɖekakpuime, hafi fukpeɣiwo nava ɖo, eye ƒe siwo me nàgblɔ le be: “Naneke megadoa dzidzɔ nam o” la nate tu wò. 2Ɣe ma ɣi la, ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo ado viviti, eye alilikpowo akplɔ tsidzadza ɖo. 3Aƒea ŋu dzɔlawo ƒe lã me anɔ ƒoƒom, ŋutsu kakowo axa gobaa, nyɔnu wɔtulawo adzudzɔ dɔwɔwɔ elabe womegasɔ gbɔ o, eye ame siwo kpɔa nu to fesre nu la akpɔ nu flukpee. 4Ɣe ma ɣi la, ʋɔtru siwo woʋuna ɖe ablɔ dzi la, anɔ tutu, wɔtutu magaɖi sesĩe o, eye kasia xevi ƒe gbe naɖi la, ame afɔ xoxo, eye nyɔnu hadzilawo katã ƒe gbe me axe. 5Ɣe ma ɣi la, kɔkɔƒe adzi ŋɔ na ame, eye vɔvɔ̃ anɔ mɔ dzi. Yevuziti aƒo se nyuie, ʋetsuvi anɔ eɖokui tem le anyigba, eye nuɖuɖu magadzro ame o. Elabe ele be amegbetɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nanɔ tsatsam le ablɔ me. 6Ðo ŋku edzi hafi klosaloka natso, sikagba nagbã, tsikunu nafli ɖe vudo to, eye tsidumɔ̀ nakaka. 7Ðo ŋku edzi hafi kewɔ natrɔ yi anyigba si wònye tsã la me, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ yi Mawu, ame si nae la gbɔ. 8Nyagblɔla la be: Nu dzodzrowo ƒe nu dzodzro. Nuwo katã nu dzodzro ko wonye!
Nuwunyawo
9Nyagblɔla la meɖe eɖokui fia abe nunyala ɖeɖe ko ene o. Efia nugɔmesese dukɔ la hã. Eda nuwo kpɔ, lé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito, eye wòƒo lododo geɖewo nu ƒu. 10Nufiala la di vevie be yeake ɖe nya siwo nyasena na to la ŋu, eye wòŋlɔ nyateƒenya vavãwo ɖi tsimatɔe.
11Nyagblɔla la ƒe nyawo le abe ati nu tsutsɔẽ kple mɔfiati si woƒo ɖe to ene. Wonye nya siwo Alẽkplɔla ɖeka ƒo ƒui. 12Vinye, kpɔ nyuie le nu sia nu si to vovo tso esiawo gbɔ la ŋu. Agbalẽ geɖe wɔwɔ la, seɖoƒe meli nɛ o. Agbalẽsɔsrɔ̃ vivivo hã ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.
13Mina míase nyaawo katã ƒe taƒoƒo: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabe eyae nye amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dɔdeasi bliboa. 14Elabe Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge nuwɔna ɖe sia ɖe; nyui o, vɔ̃ o; ne ele ɣaɣla gɔ̃ hã.