Vai al contenuto

Nyagblɔla Salomo 1

1
Agbe nye nu dzodzro
1Nyagblɔla, David vi, ame si nye fia le Yerusalem la, ƒe nyawoe nye esiwo gbɔna:
2Nyagblɔla la be:
Nu dzodzrowo ƒe nu dzodzro!
Nu dzodzrowo ƒe nu dzodzro!
Nu sia nu nye nu dzodzro!
3Viɖe ka koŋ amegbetɔ kpɔna
tso eƒe dagbadagba me le ɣea te?
4 # Sir 14.18. Dzidzime ɖeka nu va yina
bubu kplɔnɛ ɖo
gake anyigba ya li tegbee.
5Ɣe dzena, ɣe ɖoa to,
eye wòɖea abla yia afi si wòdzena tso.
6Ya ƒona yia anyigbeme,
eye wòtrɔna vaa dzigbeme.
Eƒoa xlã godoo,
eye wòtrɔna godòo vaa afi si wòƒo tso.
7Tɔwo gadzea egɔme sína yia atsiaƒu me,
gake atsiaƒu meyɔna o.
Afi si tɔwo sína ɖoa tae la,
afi ma ko woyina ɖaa.
8Ɖeɖi te nuwo katã ŋu,
gbɔgblɔ glo gbetɔ.
Nukpɔkpɔ meɖia ƒo na ŋku o.
Nusese meyɔa to o.
9Nu si nɔ anyi va yi la,
eya kee gbɔna.
Nu si dzɔ kpɔ la,
eya kee gbɔna dzɔdzɔ ge;
ale nu yeye aɖeke mele ɣea te o.
10Nane li, si ŋu wogblɔ le be:
“Mikpɔ ɖa, nu yeye nye esia!” mahã?
Eli tso blema ke
hafi míawo míeva dzɔ.
11Egbetɔwo ŋlɔ blematɔwo be,
nenema ke ame siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la hã,
wo yometɔwo aŋlɔ wo be.
Nufiala la ƒe nuteƒekpɔkpɔ le agbe ŋu
12Nye nufiala la, meɖu fia le Yerusalem ɖe Israel-dukɔa dzi. 13Meɖo tame be matsɔ nunya adzro nu siwo katã dzɔna le xexea me la me kpɔ, ne mase wo gɔme nyuie. Dɔ si me dzidzɔ mele o la wònye Mawu tsɔ de asi na amegbetɔviwo be woanɔ kutri kum le eŋu. 14Esi melé ŋku ɖe nu siwo katã ame wɔna le ɣea te ŋu la, kpɔ ɖa, nu dzodzrowo sɔŋ ko wonye; yadɔ ko ye.
15Nu si glɔ̃ la womate ŋu adzɔe o,
eye nu si meli o la, womate ŋu axlẽe o.
16 # Fia I, 4.29-31; Sir 47.14-18. Megblɔ le ɖokuinye me be: “Kpɔ ɖa, mede ŋgɔ eye menya nu geɖe wu fia siwo katã ɖu Yerusalem dzi do ŋgɔ nam la. Meto nunya kple sidzedze geɖe me.” 17Medze agbagba be manya nu si nye sidzedze kple aɖaʋadzedze kpakple bometsitsi. Ke mekpɔe dze sii be esia hã, yadɔ ko ye.
18Elabe sidzedze fũu hea dzimaɖeɖi hã vanɛ,
eye ame si dzia eƒe nunya ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi.