Amos 9
9
Ame aɖeke mate ŋu así le Mawu ƒe tohehe nu o
1Mekpɔ Aƒetɔ wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Egblɔ be:
“Ƒo sɔtiwo ta sesĩe
ale be wo gɔme naʋuʋu.
Ŋe wo ƒu ameawo ƒe ta dzi.
Mele ame mamlɛawo wu ge le aʋa me.
Wo dometɔ aɖeke masí o;
ɖeka hɔ̃ hã masusɔ o.
2Ne woku do ge ɖe eme yi tsiẽƒe ke gɔ̃ hã,
mahe wo tso afi ma vɛ.
Ne wolia va dziƒo hã,
maɖiɖi wo tso afi ma ɖe anyi.
3Ne woyi ɖabè ɖe Karmel-to tame hã,
nye asi atu wo le afi ma.
Ne wosí le nunye yi ɖabè ɖe atsiaƒu gɔme ke hã,
maɖe gbe na da wòaɖu wo le afi ma.
4Ne woƒe futɔwo kplɔ wo ɖe ŋgɔ yi aboyo me gɔ̃ hã,
mana woawu wo kple yi le afi ma.
Nye ŋku anɔ wo ŋu woatsrɔ̃ kokoko;
womatsi agbe gbeɖe o.”
5Aƒetɔ, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla la,
ame si kaa asi anyigba ŋu
wòlólona gbanaa,
eye edzinɔlawo katã xaa nu,
anyigba blibo la hona dzekee
yia dzi dzea eme
abe Nil-tɔsisi le Egipte ene;
6ame si tso aƒe ɖe edzi,
eye wòna dziŋgɔli tsyɔ anyigba dzi;
ame si yɔ tsiwo tso atsiaƒu me,
eye wòtsɔ wo kɔ ɖe anyigba dzi la,
eyama ŋkɔe nye Aƒetɔ.
7Azɔ la, Aƒetɔ be:
“Israelviwo, miawo hã menye ɖeko miele nam
abe Etiopiatɔwo ene oa?
Ɖe nyemekplɔ Filistitɔwo tso Kreta,
eye mekplɔ Siriatɔwo hã tso Kir
abe ale si mekplɔ Israel hã
tso Egipte-nyigba dzi ene oa?
8Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu ƒe ŋku
le Israel-fiaɖuƒe wɔnuvɔ̃ sia ŋu,
eye matsrɔ̃ mi le anyigba dzi.
Ke ɖeko nyematsrɔ̃
Yakob ƒe dzidzimeviwo katã o.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
9“Kpɔ ɖa, maɖe gbe, aʋuʋu Israel-dukɔ la
le dukɔwo dome,
abe ale si wosraa ke le nusranu me,
eye kpeku aɖeke megena o ene.
10Nu vɔ̃ wɔla siwo katã le nye dukɔ me la
atsi yi nu.
Woawo ame siwo le gbɔgblɔm be:
‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke natu mí loo,
alo alili mí o.’ ”
Woagaɖo Israel-dukɔ la te
11 #
Dɔw 15.16-18. “Ɣe ma ɣi la, magbugbɔ David ƒe aƒe si gbã la atso.
Maɖɔ gbagbãƒeawo ɖo,
eye mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu,
eye magatui abe tsã ene.
12Israel-dukɔ la agaxɔ Edom-nyigba ƒe akpa si susɔ
kple dukɔ bubu siwo katã dzi wòɖu nam va yi.”
Aƒetɔ, ame si le nu siawo wɔ ge godoo lae gblɔe.
13Aƒetɔ be:
“Kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna
esime anyigba aganyo nuku vevie.
Nukuwo aʋã ale gbegbe
be nuŋelawo anɔ nu ŋem
nuŋlɔɣi nagaɖo.
Woanɔ waintsetsewo fiãm
nuƒãɣi nagaɖo.
Aha yeye atsyɔ tso towo ŋu,
eye wòasí le togbɛwo katã ŋu.
14Magbugbɔ nye dukɔ Israel ƒe nunyonamewo
aɖo te,
eye woagbugbɔ woƒe duwo atso
anɔ wo me.
Woade waingble
ano emeha.
Woatɔ abɔ
ado nu ɖe eme aɖu.
15Mado wo abe ati ene
ɖe woƒe anyigba dzi;
womagaho wo tso anyigba
si mena wo la dzi
akpɔ gbeɖe o.”
Aƒetɔ, mia Mawu lae gblɔe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.