Vai al contenuto

Timoteo II 2

2
Kristo Yesu ƒe asrafo nuteƒewɔla
1Azɔ la, vinye, do ŋusẽ nu to ale si Mawu ve mía nu, eye míele hadede me kple Kristo Yesu la me. 2Tsɔ nufiafia, siwo nèse tso nunye le ɖasefo geɖewo ŋkume la ɖe gbeƒãe, eye nàdee asi na ame siwo dzi nèka ɖo la, ale be woawo hã nate ŋu afia ame bubuwo. 3Do dzi nàkpe fu faa, abe Kristo Yesu ƒe asrafo wɔnuteƒe ene. 4Asrafo si le aʋa wɔm, eye wòdi be yeawɔ nu adze yeƒe aʋakplɔla ŋu la, megawɔa dɔ bubu aɖeke si menye asrafodɔ o la o. 5Hafi duɖimekela aɖe naxɔ dziɖuɖukuku la, ele nɛ be wòake duɖime la le se si wode la nu. 6Agbledela si wɔ dɔ kple kutrikuku lae ɖua nu si wòŋe la gbã. 7Bu nya siwo gblɔm mele la ŋu, elabe Aƒetɔ la akpe ɖe ŋuwò be nàse ɖe sia ɖe gɔme.
8Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wònye Fia David tɔgbuiyɔvi la dzi. Nya siae nye Nyanyui si mele gbeƒã ɖemee. 9Eya tae mele fu kpem ɖo, eye wode gam gɔ̃ hã abe ame si wɔ nuvɔ̃ɖi aɖe ene. Ke womede ga Mawu ƒe nya la ya o. 10Esia tae medoa dzi kpea fu ɖe sia ɖe le nu sia nu me le ame tiatiawo ta ɖo, ale be Mawu naxɔ woawo hã ɖe agbe to Kristo Yesu dzi, bene woƒe asi nasu ŋutikɔkɔe mavɔ la dzi. 11Nyateƒenya wònye wogblɔna be:
“Ne míeku kpakplii la,
míanɔ agbe hã kpakplii.
12 # Mat 10.33; Luk 12.9. Ne míedo dzi kpe fu la,
míaɖu fia hã kpakplii.
Ne míegbe nu le egbɔ la,
eya hã agbe nu le mía gbɔ.
13Ne míawo míewɔ nuteƒe o la,
eya wɔa nuteƒe ɖaa,
elabe eya ŋutɔ mate ŋu agbe nu
le eɖokui gbɔ o.”
Dɔwɔla si ƒe dɔwɔwɔ dzea Mawu ŋu
14Ɖo ŋku nu sia dzi na wò ameawo. Xlɔ̃ nu wo le Aƒetɔ la ŋkume be womegawɔ dzre le nya siwo mehea nu nyui aɖeke vanɛ o la ŋu o, elabe nya mawo la, nu ko wogblẽna le wo selawo ŋu. 15Do vevie nu abe dɔwɔla si ƒe dɔ mekpea ŋu nɛ o la ene, be wò dɔ nadze Mawu ŋu. Dze agbagba nàfia nyateƒenya la amewo pɛpɛpɛ. 16To adzɔge na dzeɖoɖo siwo mefia mawuvɔvɔ̃ o la, elabe woawoe nana be amewo megavɔ̃a Mawu o ɖe edzi. 17Ale si abi vɔ̃ nyrana hekekenae la, nenemae dzeɖola siawo ƒe nyawo zɔnae. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Himenaio kple Fileto. 18Wotra mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye wole gbɔgblɔm be ame kukuwo tsi tsitre va yi xoxo. Ale wole ame geɖewo ƒe xɔse tɔtɔm. 19#Mos IV, 16.5. Ke gɔmeɖokpe si Mawu ɖo na xɔse la la le te sesĩe. Nya si ɖo kpe edzi lae nye: “Aƒetɔ la ŋutɔ nya ame siwo nye eya ŋutɔ tɔwo.” Bubu hãe nye: “Ame sia ame si gblɔ be Mawu tɔ yenye la, nedzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.”
20Le aƒe gã ɖe sia ɖe me la, menye sika kple klosalo tsikunuwo koe nɔa anyi o, ke boŋ tsikunu siwo wokpa kple esiwo wome la hã nɔa anyi. Wowɔa ɖewo ŋudɔ le bubunuwo wɔɣi, ke wowɔa bubuwo ya ŋudɔ ɣe sia ɣi. 21Nenye be ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me la, woawɔ eŋudɔ le bubunu tɔxɛwo wɔɣi, elabe wokɔ eŋuti na Mawu, eye wònye tsikunu vevi na aƒea tɔ. Ale woate ŋu awɔ eŋudɔ ɣe sia ɣi awɔ dɔ nyui ɖe sia ɖe. 22Eya ta to adzɔge na nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo dzroa ɖekakpuiwo vevie la, eye wò kple ame siwo tsɔ dzi dzadzɛ yɔa Aƒetɔ la be nekpe ɖe yewo ŋu la, miaʋli vevie ɖekae le nu dzɔdzɔe wɔwɔ, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa me. 23Mègade nu movinyahehe siwo me susu ɖɔʋu aɖeke mele o la me o. Wò ŋutɔ ènya be dzre ko wohena vanɛ mlɔeba. 24Mele be Aƒetɔ la subɔla nanye dzrewɔla o, ke boŋ ele be wòanye ame si nyoa dɔme na ame sia ame, nufiala nyui kple dzidola. 25Gawu la, ele be wòanye ame si gbɔa dzi blewuu gbea nya na ame siwo tsia tsitre ɖe eŋu la. Ɖewohĩ Mawu ave ame siawo nu be woatrɔ dzime, eye woava dze si nyateƒe la. 26Ɖewohĩ woado le Abosam ƒe mɔ̀ si me woge ɖo be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la me, eye tame vɔ̃ si wòɖo ɖe wo ŋu la magadze edzi nɛ o.