Samuel II 20
20
Seba dze aglã ɖe David ŋu
1 #
Fia I, 12.16; Kron II, 10.16. Eva eme be yakame aɖe le Gilgal si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, tso Benyamin-to la me. Eku kpẽ gblɔ be:
“Gome aɖeke mele David gbɔ na mí o,
eye domenyinyi aɖeke mele Yese vi la si na mí o.
Israel lee, mia dome ame sia ame neyi
eƒe agbadɔ me loo!”
2Ale Israel-ŋutsuwo trɔ le David yome hedze Seba yome. Ke Yuda-ŋutsuwo ya gaku ɖe David, woƒe fia la ŋu ko eye wonɔ eyome tso Yordan nu va se ɖe Yerusalem.
3 #
Sam II, 16.22. Esi David va ɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ekplɔ eƒe ahiãvi ewo siwo wògblẽ ɖe megbe be woanɔ aƒea dzi kpɔm la, eye wòde wo xɔ; dzɔlawo nɔ wo ŋu dzɔm. Ekpɔ wo dzi, di woƒe nuhiahiãwo na wo, gake medɔa wo gbɔ o. Wonɔ xɔ me, nɔ agbe abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe.
4Fia la gblɔ na Amasa be: “Yi nàɖayɔ Yuda-ŋutsuwo ƒo ƒui vɛ nam le ŋkeke etɔ̃ me; wò ŋutɔ hã zɔ kpli wo miava afii.” 5Esi Amasa yi wo yɔ ge la, metrɔ gbɔ ɖe ɣeyiɣi si fia ɖo nɛ la dzi o. 6Ale David gblɔ na Abisai be: “Kpɔ ɖa, Seba le nu vevi wɔ ge mí wu Absalom, eya ta kplɔ nye ame aɖewo ne miati eyome. Ne menye nenem o la, axɔ du sesẽ aɖewo anɔ wo me, eye wòasí le mía gbɔ.” 7Ale Yoab ƒe amewo, hekpe ɖe Kretitɔwo kple Pletitɔwo kpakple asrafo bubuawo katã ŋu, wole Abisai ŋu, eye wodze mɔ tso Yerusalem be yewoati Seba yome. 8Esi woɖo kpe gã si le Gibeon la gbɔ la, Amasa va do go wo. Le ɣe ma ɣi me la, Yoab le aʋawu me, yi le aku me le ali dzi nɛ le awua te. Esi wòzɔ yi ŋgɔ la, yia ge. 9Yoab gblɔ na Amasa be: “Nɔvinye, ale kee, èli sesĩea?” eye wòdo ɖusi ɖa lé Abisai ƒe ge be yeagbugbɔ nu nɛ. 10Ke Amasa menya be yi le Yoab ŋu o. Ale Yoab tu yia dɔme nɛ eye eƒe dɔmenuwo dudu ɖe anyigba. Eku enumake; mehiã be woatui zi evelia o.
Esia megbe la, Yoab kple nɔvia Abisai ti Seba yome. 11Yoab ƒe ɖekakpuiwo dometɔ ɖeka tsi Amasa ƒe ŋutilã kukua gbɔ gblɔ be: “Ame sia ame si le Yoab kple David dzi nedze Yoab yome!” 12Amasa ƒe ŋutilã le mɔa dzi; ƒo ʋu nyamaa. Esi ŋutsua kpɔ be ame sia ame si va yina la tɔna ɖi la, ehe ame kukua le mɔ dzi yi gbe me hetsyɔ avɔ nɛ. 13Esi wòhee ɖa le mɔa dzi vɔ la, ame sia ame to eŋuti kplɔ Yoab ɖo be woati Seba yome.
14Seba tso to Israel-toawo katã ƒe anyigba dzi, va se ɖe esime wòva ɖo Abel-Bet-Maaxa, eye Bixritɔwo katã hã ƒo ƒu le eyome ge ɖe dua me. 15Azɔ Yoab ƒe amewo va ƒo xlã dua, eye woƒu kpo ɖe eŋu va se ɖe glia tame. Wode asi glia gbagbã me be yewoamui. 16Tete nyɔnu dzeaɖaŋu aɖe do ɣli le dua me sesĩe be: “Agoo gbɔ! Agoo gbɔ! Taflatsɛ, migblɔ na Yoab be neva afii, ne maƒo nu kplii!” 17Yoab yi ɖe egbɔ eye nyɔnua biae be: “Wòe nye Yoaba?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, nyee!” Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Ɖo to magblɔ nya aɖe na wò.” Eɖo eŋu be: “Mele to dzi.” 18Nyɔnua gblɔ be: “Le blema la, wogblɔna be, ‘Yi ɖabia nya me nàse le Abel-du me’. Wodena ko wua nya nu. 19Du sia nye tomefafatɔ kple anukwaretɔwo dometɔ ɖeka le Israel. Nu ka ta nèdi be yeatsrɔ̃ Israel-duwo nɔ? Nu ka ta nèdi be yeagbã Aƒetɔ ƒe du wòazu aƒedo?” 20Yoab ɖo eŋu be: “Nyemeva naneke tsrɔ̃ ge alo agblẽ nu kura o. 21Menye nenemae nye nya la o. Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bixri vi, tso Efrayim-tonyigba dzi la dim mele. Ŋutsu sia dze aglã ɖe fia David ŋu. Mihe eya ɖeka ko ɖe go nam, ne madzo le dua gbɔ.”
Nyɔnua gblɔ be: “Kpɔ ɖa, woatsɔ eƒe ta aƒu gbe to glia ta aɖo ɖe wò.” 22Tete nyɔnua yi dua me tɔwo gbɔ kple eƒe aɖaŋuɖoɖoa, eye wotso ta le Seba nu tsɔ ƒu gbe to glia ta ɖo ɖe Yoab. Ale Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo ka le dua ŋu yi aƒeme. Emegbe Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem.
David ƒe dɔwɔlawo
23Yoab le Israel ƒe aʋakɔwo katã nu. Benaya, Yehoyada vi, le asrafo siwo dzɔa fia David ŋu la nu. 24Adoram kpɔa ame siwo dzi wozina wowɔa dɔ la dzi, eye Yosafat, Axilud vi, nye fia ƒe agbalẽwo dzikpɔla. 25Agbalẽŋlɔlae nye Seya eye Zadok kple Abyatar nye nunɔlawo. 26Ira tso Yair hã nye nunɔlawo dometɔ ɖeka le David gbɔ.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.