Vai al contenuto

Samuel II 17

17
Xusai tra Absalom
1Emegbe vie la, Axitofel gblɔ na Absalom be: “Na matia ŋutsu akpe wui eve ne madze David yome le zã sia me. 2Mado ɖe edzi esime ɖeɖi te eŋu, eye dzi ɖe le eƒo. Mana vɔvɔ̃ aɖoe, wòatɔtɔ eye ame siwo katã le eŋu la así. Mawù fia la ɖeɖe ko, 3eye makplɔ eƒe ameawo katã agbugbɔ va gbɔwòe abe ale si ŋugbetɔ vaa srɔ̃a gbɔ ene. Ame ɖeka ko dim nèle àwu,#17.3: ŊUGBETƆSRƆ̃: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖe gblɔ be “abe ŋugbetɔsrɔ̃…ame ɖeka ko dim èle nàwu…” Woŋlɔ ɖe Hebri-gbe me be: “Ne wo katã gbugbɔ va eye ame si dim nèle le eme la…” eye ame mamlɛawo anɔ anyi le ŋutifafa me.” 4Nya sia dze Absalom kple Israel-me tsitsiwo katã ŋu.
5Absalom gblɔ be: “Miyi ɖayɔ Xusai vɛ, ne míase nya si le eya hã si.” 6Esi Xusai va la, Absalom gblɔ nɛ be: “Aɖaŋu si Axitofel ɖo na mí lae nye esi. Míwɔ ɖe edzia? Ne míawɔ ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si míawɔ la na mí.”
7Tete Xusai ɖo eŋu be: “Aɖaŋu si Axitofel ɖo na wò fifia la menyo o. 8Ènya be tɔ́wò kple eƒe amewo la kalẽtɔwo wonye. Adã le mo na wo abe sisiblisi si ŋu woɖe vi le, le gbe me ene. Gawu la, tɔ́wò David nya nu le aʋawɔwɔ ŋu nyuie eye metsia eƒe amewo gbɔ dɔna o. 9Kpɔ ɖa, fifi gɔ̃ hã la ebè, ɖe agado aɖe me loo, alo teƒe bubu aɖe. Ne David dze wò amewo dzi teti, eye amewo de asi aʋatsitsi me la, ame sia ame si asee la agblɔ be: ‘Wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo.’ 10Tete dzi aɖe le kalẽtɔ ŋutɔŋutɔ si ƒe dzi le abe dzata tɔ ene la gɔ̃ hã ƒo, elabe ame sia ame le Israel-nyigba dzi nyae be tɔ́wò nye kalẽtɔ, eye ame siwo katã le eŋu la nye ŋutsuwɔlawo. 11Aɖaŋu si maɖo na wò fifia koe nye be nàƒo Israelviwo katã nu ƒu le dukɔa me godoo, tso Dan yi Beer-Seba, woasɔ gbɔ abe ƒutake ene, eye wò ŋutɔ nàdze ŋgɔ akplɔ wo ayi aʋa lae. 12Afi ka ke wòle o, míake ɖe eŋu adze edzi hafi wòanya nu si le dzɔdzɔm, ale be eya ŋutɔ kple eƒe amewo katã atsi; ame ɖeka hɔ̃ hã masusɔ o. 13Ne egbugbɔ ɖe megbe yi du aɖe me la, míaƒe amewo katã atsɔ ka vɛ eye woahe dua#17.13: DUA: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo be “dua”; Hebri Biblia be “e”. aɖakɔ ɖe abu me le toa gɔme va se ɖe esime kpekui aɖeke maganɔ afi ma o. 14Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be: “Xusai ƒe aɖaŋua nyo wu Axitofel tɔ!” Aƒetɔ ɖoe be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me ne womagawɔ ɖe edzi o, ale be Absalom nage ɖe dzɔgbevɔ̃e me.
Wogbe nya na David eye wòsí
15Tete Xusai gblɔ aɖaŋu si wòɖo na David kple Israel-me tsitsiwo kple esi Axitofel hã ɖo na wo la na nunɔla eveawo, Zadok kple Abyatar. 16Xusai gblɔ yi edzi be: “Fifia, netsɔ! Midɔ ame ɖe David be woagblɔ nɛ be megatsi tɔtsoƒea dɔ le gbedadaƒoa o, ke boŋ netso Yordan enumake yi egodo ale be womagalé eya kple eƒe amewo katã awu o.”
17Yonatan, Abyatar vi kple Aximaaz, Zadok vi nɔ Rogel-vudo gbɔ le dua ƒe gbɔto elabe womekpɔ mɔ age ɖe dua me be amewo nakpɔ o. Nyɔnudɔla aɖe yia wo gbɔ edziedzi ɖagblɔa dua me nyawo na wo, eye woawo yina ɖagblɔna na fia David. 18Ke gbe ɖeka la, ŋutsuvi aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Ale woƒu du kaba yi ɖabè ɖe ŋutsu aɖe ƒeme le Baxurim. Vudo aɖe le ŋutsua ƒe xɔxɔnu eye woge ɖe eme. 19Tete ŋutsua srɔ̃ tsɔ nu keke ɖe vudoa nu, eye wòsia bli ɖe edzi ale be ame aɖeke naganya o. 20Absalom ƒe dɔlawo va aƒea me eye wobia nyɔnua be: “Afi ka Aximaaz kple Yonatan le?” Eɖo eŋu be: “Woyi tɔa godo.” Ŋutsuawo yi ɖadi wo, ke womekpɔ wo o ale wogbugbɔ yi Yerusalem.
21Esi wodzo la, Aximaaz kple Yonatan do le vudoa me, eye woyi ɖagblɔ nya la na fia David. Wogblɔ nɛ be Axitofel ɖo nugbe ɖe eŋu eya ta yewonewɔ kaba atso tɔa adzo. 22Ale David kple eƒe amewo katã de asi Yordan-tɔsisi la tsotso me, eye kaka fɔŋli naɖo la, wo katã wotso tɔa ɖi go ɖe egodo.
23Esi Axitofel kpɔ be womewɔ ɖe aɖaŋu si yeɖo na wo la dzi o la, ebla akpa na eƒe tedzi eye wòdze mɔ yi wo de. Le eƒe aƒemenyawo gbɔ kpɔkpɔ vɔ megbe la, ede ka ve ku. Woɖii ɖe woƒe ƒomea ƒe ameɖiƒe.
24David va ɖo Maxanaim esime Absalom kple etɔwo tso Yordan. 25Absalom da Amasa ɖe aʋakɔa nu ɖe Yoab teƒe. Amasa nye Yitra Ismael ŋutsu#17.25: ISMAEL-ŊUTSU: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖe. (Kpɔ Kron I, 2.17) be “Ismael ŋutsu”. Wogblɔ le Hebri-gbe me be “Israel ŋutsu”. aɖe vi. Dadaa ŋkɔe nye Abigal, Nahas vinyɔnu ame si nye Yoab nɔ Zeruya nɔvinyɔnu. 26Israel kple Absalom ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead-nyigba dzi.
27Esi David va ɖo Maxanaim la, ame aɖewo va do goe. Woawoe nye: Nahas vi, Sobi tso Amonviwo ƒe Raba, Amiel vi Maxir tso Lo-Debar kple Gileadtɔ Barzilai tso Roglim. 28Wotsɔ abawo, agbawo, zewo lu, ƒo, wɔ kple bli tɔtɔe, gbagbayi, atiyi kple numemewo vɛ. 29Wogatsɔ anyitsi, notsi babla, alẽwo kple notsimi babla vɛ na David kple ameha si le eŋu la, elabe wonya be dɔ kple tsikɔ anɔ David kple eƒe amewo wum le gbedadaƒo la eye ɖeɖi hã ate wo ŋu.