Vai al contenuto

2Makabeowo 13

13
Wowu Menelao
1Le ƒè alafa ɖeka kple bla ene vɔ asiekelia*( Ƒè 149: Ƒè sia sɔ kple ƒè 163 do ŋgɔ na Kristo dzidzi) me la, gbe va ɖo Yuda kple etɔwo gbɔ be Antioxo Eupator ho gbɔna kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Yudea ŋu. 2Wobe edzikpɔla Lisias, ame si le dukɔa ƒe dziɖuɖu nu hã gbɔna kplii. Wo dometɔ ɖe sia ɖe kplɔ Helatɔ asrafo afɔzɔla akpe alafa ɖeka kple ewo, asrafo sɔdola akpe atɔ̃ kple alafa etɔ̃, atiglinyi bla eve vɔ eve kple tasiaɖam alafa etɔ̃, siwo ŋu nuŋehɛ gobɛwo le la ɖe asi gbɔna.
3Menelao hã ge ɖe wo dome eye, alakpatɔe la, edo ŋusẽ Antioxo, menye ɖe eƒe denyigba ƒe dedienɔnɔ ta o, ke boŋ ebu be woagada ye ɖe dudɔ nu. 4Gake fiawo ƒe Fia na Antioxo ƒe dziku ho ɖe hlɔ̃dola sia ŋu. Esi Lisias na wònya be ame siae wòle be woabu fɔe ɖe vɔ̃ siwo katã va dzɔ ta la, eɖe gbe be woakplɔe ayi Beroea eye woawui to mɔ sinu afi ma tɔwo wɔnɛ le enuenu la. 5Elabe gbetakpɔxɔ aɖe le afi ma, si kɔ abe afɔ bla eve vɔ eve ene. Edzi yɔ fũu kple dzowɔ eye toga si wowɔ ƒo xlãe la tra do ɖe dzowɔ la gbɔ. 6Ame sia ame si fi nu kɔkɔe aɖe alo wɔ nu tovo bubu aɖe la, wokplɔnɛ yia gbetakpɔxɔ la dzi, eye wotutunɛ tso afi ma dea tsɔtsrɔ̃ me. 7Alea ye Menelao, sedzidala la kui eye womeɖii ɖe anyigba me gɔ̃ hã o. 8Azɔ esia dze nɛ ŋutɔ elabe ewɔ nuvɔ̃ geɖe ɖe vɔsamlekpui, si ƒe dzo kple dzowɔ le kɔkɔe, la ŋu. Eyama ku tsi dzowɔ me.
Aʋawɔwɔ le Modein-du gbɔ
9Fia la gbɔna kple ŋutasesẽ vɔ̃ɖi kple dàda be yeafia Yudatɔwo nu siwo vɔ̃ɖi sãa wu esiwo wowɔ wo le tɔ́a ŋɔli. 10Ke esi Yuda se nu tso esia ŋu la, eɖe gbe na eƒe aʋakɔ la be woado gbe ɖa na Aƒetɔ la zã kple keli, be fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe la, wòakpe ɖe ame siwo le ŋɔdzi me be woaxɔ woƒe se la, wo denyigba kple gbedoxɔ kɔkɔe la le wo si, la ŋu. 11Wobia hã be megaɖe mɔ be dukɔ si le agbe gbɔm azɔ la nagage ɖe dukɔ siwo menye Yudatɔwo o, eye wonye busunyagblɔlawo la si me o. 12Esi wo katã woƒo ƒu, ƒo koko na Aƒetɔ, nublanuikpɔla la ɖekae, kple aɖatsi, nutsitsidɔ hetsyɔ akɔ anyi, ke woƒe abɔwo me madzudzɔmadzudzɔe ŋkeke etɔ̃ sɔŋ la, Yuda xlɔ̃ nu wo, eye wòɖe gbe ɖoe na wo be woanɔ te, anɔ ŋudzɔ.
13Emegbe esi Yuda bia aɖaŋu tso ame tsitsiawo ɖeɖe gbɔ la, eɖoe kplikpaa be yeazɔ ɖe dua dzi, awu dɔ la nu to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me, hafi fia la ƒe aʋakɔ nate ŋu atso ɖe Yudea-nyigba ŋu, eye wòate kpɔ be yeaxɔ dua. 14Ale esi wòde ɖoɖo sia asi na xexea me Wɔla la, eye wòdo ŋusẽ eƒe aʋawɔlawo be woawɔ aʋa kalẽtɔe va se ɖe ku me, ɖe seawo, gbedoxɔa, dua, denyigbaa kple dziɖuƒeawo ta la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe Modein-dua gbɔ. 15Ŋudzɔnɔnya si wòna eƒe aʋawɔlawoe nye: “Mawu tɔe nye dziɖuɖu la”. Etia ɖekakpui aʋawɔla dzinɔsitɔwo, eye wodze fia la ƒe agbadɔ dzi le zã me hewu ame fũu, ade akpe eve le asaɖa la me. Etɔ hɛ atiglinyi si nɔ ŋgɔ la kple edola. 16Mlɔeba la, wona vɔvɔ̃ ɖo asaɖa la me, amewo tɔtɔ, eye wogbugbɔ le dziɖuɖu megbe. 17Nu sia dzɔ esi ŋu yina keke ge, elabe Aƒetɔ la kpe ɖe eŋu, kpɔ eta.
Antioxo Atɔ̃lia bla nu kple Yudatɔwo
(Mak I, 6.48-63)
18Esi fia la kpɔ ale si Yudatɔwo doa dzi wɔa nui la, ete kpɔ be yeadze woƒe teƒewo dzi to ayemɔ nu. 19Eho ɖo ta Betzur, Yudatɔwo ƒe du sesẽ aɖe gbɔ, gake wotutui do ɖe megbe. Egatrɔ va eye woɖu edzi. 20Ke Yuda ɖo nu sia nu si hiã la ɖe asrafowo nɔƒe sesẽ la. 21Gake Rodoko, ame si tso Yudatɔwo dome la, kɔ to dzi na futɔwo le adzame. Wodii, lée eye wodee gaxɔ me. 22Fia la gate kpɔ ble Betzurtɔwo nu zi evelia, do ŋugbe na wo eye woawo hã do ŋugbe nɛ. Egbugbɔ ɖe megbe, va dze Yuda kple eƒe amewo dzi, ke woɖu edzi. 23Gbe ɖo egbɔ be Filipo, ame si si me wògble dziɖuɖu la ɖo la dze aglã le Antioxia. Nya la ʋuʋui. Eyɔ Yudatɔwo va egbɔe eye wòna ta, heka atam be yeawɔ ɖe woƒe ɖoɖowo dzi. Ewɔ ɖeka kpli wo, sa vɔ de bubu gbedoxɔ la ŋu, eye wòwɔ dɔmenyo na teƒe kɔkɔe la. 24Exɔ Makabeo hã nyuie eye wògble Hegemonides ɖi abe nutomedzikpɔla ene tso Ptolemais va do ɖe Gerar, 25eye wodzo yi Ptolemais. Ptolemaistɔwo do dziku ɖe nubabla si wòwɔ la ŋu. Le nyateƒe me la, wodo dziku ale gbegbe be wodi be yewoate fli ɖe eƒe ɖoɖowo me. 26Lisias tɔ ɖe amewo ŋkume le dutoƒo, ʋli nya la ta ŋutɔ ale si wòate ŋui. Etrɔ woƒe susu eye wòfa dzi na wo. Egaxɔ woƒe nyuidiname eye wòdzo yi Antioxia. Ale si fia la ƒe aʋahoho kple gbugbɔ ɖe megbe va yi lae nye esi.