Vai al contenuto

2Makabeowo 1

1
Agbalẽ si woŋlɔ ɖo ɖe Yudatɔwo le Egipte
1Agbalẽ sia tso mí, mia nɔvi Yudatɔ siwo le Yerusalem kple Yudea-nyigba dzi la gbɔ. Míele eŋlɔm ɖo ɖe mi, mía nɔvi Yudatɔ siwo le Egipte la. Míedo gbe na mi nyuie. Minɔ anyi le ŋutifafa vavãtɔ me.
2Mawu newɔ nyui na mi, eye neɖo ŋku nu si wòbla kple Abraham, Isak kple Yakob, eƒe subɔla nuteƒewɔlawo la dzi. 3Nena dzi nanɔ mi katã mia ƒo miasubɔe, awɔ eƒe lɔlɔ̃nu kple dzi blibo kple gbɔgbɔ nyui. 4Neʋu miaƒe dziwo ɖe eƒe se la kple eƒe sededewo ŋu, eye wòana mia ŋuti nafa. 5Nese miaƒe gbedodoɖawo, awɔ ŋutifafa kple mi, eye negagble mi ɖi ne vɔ̃ va mia dzi o. 6Azɔ la, míele gbe dom ɖa ɖe mía ta le afii.
7Le ƒè alafa ɖeka bla ade vɔ asiekelia *(Ƒè 169: Ƒè sia sɔ kple ƒè 143 do ŋgɔ na Kristo dzidzi) me le fia Demetrio ƒe dziɖuɣi la, mí Yudatɔwo míeŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mi le xaxa gã si va mía dzi la, le ƒè mawo me, esi Yason kple etɔwo dze aglã do tso Anyigba kɔkɔe la kple fiaɖuƒea me la ŋu, megbe. 8Wotɔ dzo gbedoxɔ la ƒe agbo la, eye wokɔ ame maɖifɔwo ƒe ʋu ɖi. Míedo gbe ɖa na Aƒetɔ la, eye wòse míaƒe gbe. Míesa vɔ kple lãwo, wɔ nuɖuɖuvɔsawo eye míesi akaɖiwo le gbedoxɔ me heɖo vɔsabolowo ɖi. 9Ke azɔ la, mikpɔ egbɔ be miaɖu Avɔgbadɔmenɔzã le ɣleti Xislev me le ƒè alafa ɖeka bla enyi vɔ enyi*(Ƒè 188 Ƒè sia sɔ kple ƒè 124 do ŋgɔ na Kristo dzidzi) sia me.
Agbalẽ si woɖo ɖe Aristobolo
Fia Antioxo ƒe ku
10Agbalẽ sia tso mí Yudatɔ siwo le Yerusalem kple Yudea-nyigba dzi kple míaƒe aɖaŋuɖoha kpakple Yuda gbɔ. Ele yiyim na Aristobolo, ame si tso nunɔla siwo wosi ami na la ƒe ƒome me, eye wònye fia Ptolemi ƒe nufiala kple Yudatɔ siwo le Egipte la.
Míedo gbe na mi, eye míedi lãmesẽ na mi.
11Míeda akpe na Mawu vevie, be wòxɔ mí ɖe agbe tso ŋɔdzinu gãwo me le ale si wònɔ mía dzi, esi míetsi tre ɖe fia la ŋu la ta. 12Elabe enyà ame siwo ho aʋa ɖe du kɔkɔe la ŋu ɖa wodzo. 13#Mak I, 6.1-4; Mak II, 9.1-10.Esi wo kplɔla, Antioxo va ɖo Persia-nyigba dzi kple aʋakɔ si dzé abe womate ŋu aɖu edzi o ene la, wofli wo kakɛkakɛ le nyɔnumawu Nanea ƒe gbedoxɔ me. Nanea ƒe nunɔlawoe ble wo to mɔ aɖe nu. 14Antioxo ge ɖe gbedoxɔ la me kple xɔlɔ̃awo abe ɖe wòdi be yeaɖe nyɔnumawu la ene, ale be yeƒe asi nate ŋu asu gbedoxɔa me kesinɔnuwo dzi abe srɔ̃ɖenu ene. 15Esi Nanea ƒe nunɔlawo ʋu kesinɔnuawo nu, eye fia Antioxo kple eƒe ame ʋɛ aɖewo ge ɖe kɔkɔeƒe la la, nunɔlawo do gbedoxɔa ƒe ʋɔawo enumake esi Antioxo ge ɖe eme. 16Woʋu ʋɔtru ɣaɣla aɖe si le xɔdzisasra la ŋu, eye woda kpewo ɖo ɖa, ƒo wo kplɔla la kple eƒe amewo woku. Wofli ameawo, ɖe woƒe ƒunuɖeƒewo, ɖe ta le wo nu, eye wotsɔ ame takpoawo da ɖo ɖe amewo le gota. 17Edze be woakafu míaƒe Mawu, ame si he to na mawumavɔ̃la siawo. Mikafui le mɔ sia mɔ nu.
18Le ɣleti Xislev ƒe ŋkeke bla eve vɔ atɔ̃lia dzi la, míaɖu gbedoxɔŋutikɔzã, eya ta míekpɔ be ehiã be míana nyanya miawo hã ne miaɖu avɔgbadɔmenɔzã kple dzozã si Nexemya ɖo anyi la. Eyae nye ame si tu gbedoxɔ la eye wòɖi vɔsamlekpui la, eye wòsa vɔwo le edzi.
19Elabe esime wolé mía tɔgbuiwo kplɔ yina ɖe aboyo me le Persia-nyigba dzi la, nunɔla vɔ̃mawu siwo nɔ anyi ɣe ma ɣi la ɖe dzo aɖe tso vɔsamlekpuia me, eye woɣlae ɖe tsidzraɖoƒedo aɖe si nɔ ƒuƒlu la me. Woɣlae ɖe afi ma kple ŋuɖɔɖo ale gbegbe be teƒea menɔ nyanya na ame aɖeke o. 20Ke le ƒè geɖeewo megbe esi wòdze Mawu ŋu la, wotsɔ Nexemya ɖo dudɔnunɔlae. Nexemya dɔ nunɔla siwo ɣla dzo la ƒe dzidzimeviwo ɖa be woaɖadii. Esi wogbɔ va gblɔ na mí be yewomekpɔ dzoa o, ke boŋ ami kpekẽ aɖe ko yewokpɔ la, eɖe gbe na wo be woaɖaku ɖe vɛ na ye. 21Esi wodzra vɔsanuawo ɖo ɖe vɔsamlekpuia dzi vɔ la, Nexemya ɖe gbe na nunɔlawo be woahlẽ ami kpekẽ la ƒe ɖe ɖe nakea kple vɔsanu siwo woda ɖe wo dzi la dzi. 22Wowɔ esia eye, hena ɣeyiɣi aɖe la, ɣe si ƒe ŋkume alilikpo do ɖo la klẽ, eye dzo gã aɖe lé flaflafla. Ewɔ nuku na ameawo katã. 23Esi vɔsanuawo nɔ bibim la, nunɔlawo kple ame sia ame do gbe ɖa. Yonatan kplɔ wo, eye ame susɔeawo xɔ ɖe gbedodoɖa la dzi, abe ale si Nexemya hã wɔ la ene.
Nexemya ƒe gbedodoɖa
24Wodo gbe ɖa ale: “O Aƒetɔ, Aƒetɔ Mawu, nuwo katã wɔla, ŋɔdzi kple ŋusẽ le ŋuwò. Ke hã la, ekpɔa nublanui na ame, eye nèle dzɔdzɔe. Wò koe nye fia eye nènyoa dɔme. 25Wò ɖeka koe wɔa nyui geɖe, wò ɖeka koe le dzɔdzɔe, ènye Ŋusẽkatãtɔ eye nèli tegbee. Wòe ɖe Israel-dukɔ la tso vɔ̃ ɖe sia ɖe me. Ètia tɔgbuiawo eye nèkɔ wo ŋu. 26Xɔ vɔsa sia ɖe wò dukɔ, Israel ta, eye nàdzɔ nu si nye tɔwò gome la ŋu, eye nàwɔe kɔkɔe. 27Ƒo míaƒe ame siwo ka hlẽ la nu ƒu, nà ablɔɖe ame siwo zu kluviwo le dukɔ siwo menye Yudatɔwo o la dome. Kpɔ ame siwo wogbe eye wotsri wo la ɖa! Nàna be dukɔ siwo menye Yudatɔwo o la nanya be wòe nye míaƒe Mawu. 28He to na ame siwo tea ame ɖe anyi kple ame mabunu siwo wɔa nu dadàtɔe. 29Nà wò dukɔ la nali ke le wò teƒe kɔkɔe la abe ale si Mose do ŋugbee ene.”
30Tete nunɔlawo dzi hawo. 31Esi vɔsanuawo fiã vɔ keŋ la, Nexemya ɖe gbe be woatsɔ ami kpekẽ mamlɛa akɔ ɖe kpe gã aɖewo dzi. 32Esi wowɔ esia la, dzo aɖe fla de dzi, gake esi keklẽ si tso vɔsamlekpuia dzi la gaklẽ la, eya tsi. 33Amewo va nya nu tso nu sia ŋu, eye wona Persia-fia nya be ami si Nexemya kple etɔwo tsɔ tɔ dzo vɔsanuawo la, wokpɔe le afi si nunɔla siwo woɖe aboyoe la ɣla dzo la ɖo. 34Ale esi Persia-fia ku nya la me la, ena wotɔ kpɔ ƒo xlã teƒea eye wòwɔe kɔkɔe. 35Ame siwo ƒe nu nyoa fia la ŋu la, ena nunana nyui geɖe woamawo eye woawo hã na nu fia la ɖe eteƒe. 36Nexemya kple eŋumewo na ŋkɔ teƒea be “Neftar” si gɔmee nye ŋutikɔkɔ, ke ame geɖewo yɔnɛ be “nafta”.