Vai al contenuto

Kronika II 4

4
Gbedoxɔ la me nuwo
(Fia I, 7.23-51)
1 # Mos II, 27.1, 2. Ewɔ akɔblivɔsamlekpui. Edidi meta asieke, keke meta asieke, eye wòkɔ meta ene kple afã. 2Ekɔ̀ gazɔ tegblẽ aɖe. Tso toga ɖeka yi toga kemɛ le meta ene kple afã, eye wògoglo meta eve kple vɔ. Ka si didi abe meta wui ene kple afã ene la atui kpe ɖo. 3Wodo atsiã na gazɔ la gɔme kple goɖoɖowo ɖe agbaka eve me va kpe ɖo; atsiãdodo ɖe sia ɖe xɔ meta ene kple afã, eye wokɔ̀ atsiãdodo la kple gazɔ la ɖekae. 4Gazɔ la le akɔblinyitsu wui eve ƒe dzime. Etɔ̃etɔ̃ dze ŋgɔ dzigbeme, ɣetoɖoƒe, anyigbeme kple ɣedzeƒe. Wo katã trɔ megbe do eme lɔƒo. 5Gazɔ la tri abe asibidɛ ene ƒe kekeme ene. Eto le abe kplu toga ene, eye wòɖi dzogbenyaseƒoƒo. Tsi lita akpe bla ade lɔƒo anɔ eme. 6#Mos II, 30.17-21.Ewɔ gagba ewo siwo me woaklɔ nuwo le. Etsɔ atɔ̃ ɖo gbedoxɔa ƒe anyigbeme, eye wòtsɔ atɔ̃ hã ɖo dzigbeme. Woawo me woaklɔ numemevɔsalãwo le. Gazɔ la li be nunɔlawo nale tsi le eme.
7 # Mos II, 25.31-40. # Mos II, 25.23-30. Salomo wɔ sikakaɖiti ewo ɖe woƒe ɖoɖoa nu, eye wòtsɔ wo ɖo gbedoxɔ la me; atɔ̃ le anyigbeme, eye atɔ̃ le dzigbeme. 8Ewɔ kplɔ̃ ewo hã da ɖe xɔa me; atɔ̃ le anyigbeme, eye atɔ̃ le dzigbeme, eye wògawɔ sikatsikunu alafa ɖeka hã. 9Ewɔ nunɔlawo ƒe nɔƒe kple nɔƒe lolotɔ, eye wòde agbo wo nu. Efa akɔbli ɖe agboawo ŋu. 10Etsɔ gazɔ la ɖo ɖusime le xɔa ƒe anyigbeme ƒe ɣedzeƒe kpa dzi.
11Xuram wɔ zeawo, sofiawo kple gagbaawo. Ale Xuram wu dɔ siwo katã le Mawu ƒe xɔ la ŋu la nu na fia Salomo. 12Ewɔ sɔti eveawo, ta mligo siwo le sɔti eveawo dzi, 13kple yevuboɖatsetse alafa ene siwo le gaɖɔ eveawo ŋu la. Yevuboɖatsetsewo le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu, eye woxatsa wo ɖe ta mligo siwo le sɔti eveawo dzi la ŋu. 14Ewɔ anyinɔawo kple gagba siwo le anyinɔawo dzi; 15gazɔ ɖeka kple nyi wui eve siwo le ete, 16zeawo, sofiawo kple gafloawo. Xuram, aɖaŋutɔ gã la, tsɔ akɔbli si ŋu wozrɔ̃ la wɔ nu siawo katã na fia Salomo be woanɔ Aƒetɔ ƒe xɔ la me. 17Fia la na wokɔ̀ nuawo le Yordan-balia me le tsunyigba dzi le Sukot kple Zaredata dome la. 18Nu siwo Salomo wɔ la sɔ gbɔ ale gbegbe be akɔbli si ŋudɔ wowɔ la mele dadame o.
19Salomo tsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe aƒea me nu siawo katãe: vɔsamlekpui la kple kplɔ̃ siwo dzi woada vɔsabolo ɖo, 20akaɖitiawo kple woƒe akaɖi siwo ɖoɖo la bia be woanɔ bibim le megbexɔ la ŋgɔ la, 21seƒoƒoawo, akaɖiawo kpakple dzokatsɔnu; wo katã nye sika dzadzɛtɔ. 22Akaɖitsinuawo, agba goboeawo, gatsiwo kple dzoɖenuawo hã nenema ke. Xɔa ƒe ʋɔtruwo: kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtruwo nye sika.