Vai al contenuto

1Makabeowo 2

2
Matatias ƒe nuteƒewɔwɔ
1Le ŋkeke mawo me la, Matatias, Yohanes vi, ame si nye Simeon tɔgbuiyɔvi, nunɔla le Yoarib ƒomea me la, ʋu tso Yerusalem yi ɖatsi Modein. 2Viŋutsu atɔ̃ nɔ esi. Woawoe nye Yohanes si wogana ŋkɔe be Gadi, 3Simon si woyɔna be Tasi, 4Yuda si woyɔna be Makabeo, 5Eleasar si woyɔna be Avaran kple Yonatan si woyɔna be Apfo. 6Ekpɔ busunuwɔwɔ si le edzi yim le Yuda-dukɔa me kple Yerusalem,
7eye wògblɔ be:
“Ao! Nu ka ta wodzim be makpɔ nu siawo:
nye dukɔ ƒe tsɔtsrɔ̃, du kɔkɔe la
ƒe tsɔtsrɔ̃;
manɔ afi ma esime woatsɔe ade futɔ si,
atsɔ kɔkɔeƒe la ade amedzrowo si?
8Eƒe gbedoxɔ trɔ zu abe ame si ŋu
bubu mele o la ene;
9wotsɔ eƒe bubukpluwo
yi aboyo mee.
Wowu eƒe ɖevi suewo le mɔdodowo dzi,
wu eƒe sɔhɛwo kple futɔ la ƒe yi.
10Dukɔ kae menyi eƒe fiasãwo dome,
eye meha eƒe aboyonuwo o?
11Wotsɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo katã dzoe;
megale ablɔɖe me o; ezu kluvi.
12Kpɔ ɖa, míaƒe teƒe kɔkɔe la, míaƒe tugbedzedze
kple míaƒe bubu dome gblẽ.
Ame siwo menye Yudatɔwo o la ɖe bubu le eŋu.
13Nu ka ta wòle be míaganɔ agbe ɖo?”
14Tete Matatias kple via ŋutsuawo dze woƒe awuwo, ta akpanya, eye wofa konyi vevie.
Nugbegbe le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ
15Fia ƒe amedɔdɔ siwo le amewo dzi zim be woatrɔ le woƒe xɔse yome la va ɖo Modein-du la me, bene woana amewo nasa vɔ. 16Ame geɖewo tso Israel va ƒo ƒu ɖe wo ŋu, Matatias kple via ŋutsuwo hã va. 17Tete fia ƒe amedɔdɔawo ƒo nu na Matatias be: “Ènye kplɔla, bubume kple amegã le du sia me; viŋutsuviwo kple nɔviŋutsuwo le megbe na wò. 18Azɔ nànye ame gbãtɔ, si ava wɔ nu si fia la ɖe gbe, be woawɔ la abe ale si ame siwo katã menye Yudatɔwo o kple Yudatɔwo kpakple ame siwo tsi Yerusalem la, wowɔe ene. Ekema woaxlẽ wò kple viwòwo ɖe fia xɔlɔ̃wo dome, woade bubu wò kple viwòwo ŋu kple klosalo kple sika kpakple nunana geɖewo”.
19Gake Matatias ɖo eŋu gblɔ kple gbe sesẽ be: “Nenye be dukɔ siwo katã le fia ƒe dziɖuɖu me gɔ̃ hã ɖo toe, ɖo be yewoawɔ eƒe sededeawo dzi, eye ɖe sia ɖe ɖe asi le wo tɔgbuiwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti la, 20nye kple vinyewo kpakple nɔvinyewo ya, míayi edzi anɔ agbe le mía tɔgbuiwo ƒe nubabla la nu. 21Nugbegbe le seawo kple ɖoɖoawo gbɔ nete ɖa xaa le mía gbɔ. 22Mímaɖo to fia ƒe nyawo, ahe ɖa tso míaƒe mawusubɔsubɔ gbɔ, adze ɖe ɖusime loo, alo miame o.”
23Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, Yudatɔ aɖe do va ŋgɔ le amewo katã ŋkume be yeasa vɔ le vɔsamlekpui la dzi, le Modein, le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. 24Esi Matatias kpɔe la, ŋuʋaʋã lé dzo le eyama me; eƒe dzi ʋuʋu. Eɖe mɔ na eƒe dziku be yeawɔ nu dzɔdzɔe. Eƒu du yi ɖawui le vɔsamlekpui la dzi. 25Le ɣe ma ɣi me la, ewu fia ƒe amedɔdɔ si le wo dzi zim be woasa vɔ, eye wòkaka vɔsamlekpui la. 26#Mos IV, 25.6-15.Alea ye wòɖe ŋuʋaʋã ƒe dzobibi si le eyama me na se la fia, abe ale si Finehas wɔe ɖe Zimri, Salu vi ŋutsu la, ŋuti ene.
Matatias ƒe aglãdzeʋawɔwɔ
27Tete Matatias do ɣli le dua me kple gbe sesẽ gblɔ be: “Mina ame sia ame si me ŋuʋaʋã na se la, le eye wòle megbe na nubabla la, nedo va kplim!” 28Tete eya kple via ŋutsuviawo sí yi ɖe togbɛawo dzi; wogble nu siwo katã le wo si la ɖe dua me.
29Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖe siwo le nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim la dzo yi gbedadaƒo, be yewoaɖanɔ afi ma. 30Woawo kple wo viŋutsuviwo, wo srɔ̃wo kple woƒe lãhawoe yi, elabe fuɖename la te ɖe wo dzi ale gbegbe. 31Wona nutsotso fia ƒe dɔnunɔlawo kple aʋakɔ siwo le Yerusalem, David ƒe du la me, be ame siwo gbe fia ƒe gbe dzi wɔwɔ la, ɖi abu yi bebeƒewo le gbedadaƒo. 32#Mak II, 6.11.Ame geɖewo ti wo yome kple du, ɖatu wo. Woƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo, eye wodzra ɖo be yewoawɔ aʋa kpli wo le dzudzɔgbe. 33Wogblɔ na wo be: “Esia nyo gbɔ! Mido go va wɔ nu si fia ɖe gbe be woawɔ, ne mianɔ agbe.” 34Gake wogblɔ be: “Mímado ava loo, alo awɔ ɖe fia ƒe gbeɖeɖe dzi, ahagblẽ kɔ ɖo na dzudzɔgbe la o.”
35Tete futɔ la ho dze wo dzi enumake. 36Gake womeɖo eŋu na wo loo, alo da kpe wo loo, alo xe mɔ ɖe woƒe bebeƒe la nu o, 37elabe wogblɔ be: “Mina mí katã míaku le míaƒe fɔmaɖi me; dziƒo kple anyigba, le ɖase ɖim na mí be miele mía wum madzemadzee.” 38Ale wodze wo dzi le dzudzɔgbe, eye woku. Woawo, wo srɔ̃wo kple wo viwo kpakple lãhawoe ku, woƒe xexlẽme de ame akpe ɖeka.
39Esi Matatias kple xɔlɔ̃awo see la, wofa konyi vevie na wo. 40Wo katã wogblɔ na woƒe aƒelikawo be: “Ne mí katã míawɔ abe mía nɔviawo ene, agbe be mímawɔ aʋa kple ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe míaƒe agbe kple seawo ta o la, woatsrɔ̃ mí kaba míavɔ ɖa le anyigba dzi.” 41Ale woɖo kpe susu sia dzi gbe ma gbe be: “Mina míawɔ avu kple ame sia ame si ho aʋa ɖe mía ŋu le dzudzɔgbe; migana mí katã míaku abe ale si mía nɔviwo ku le woƒe beɖoƒe ene o.”
42Tete Hasidetɔwo ƒe habɔbɔ aɖe, aʋawɔla sesẽwo tso Israel, wɔ ɖeka kple wo. Wo katã tsɔ wo ɖokui ke faa na se la. 43Ame siwo katã zu sisílawo sí le woƒe fuɖenamewo nu la va kpe ɖe wo ŋu, hedo ŋusẽ wo. 44Woƒo ƒu wɔ aʋakɔ, eye woƒo nuvɔ̃wɔlawo ƒu anyi le woƒe dziku me, eye woƒo ame siwo trɔ le woƒe xɔse yome la le woƒe dɔmedzoe me. Agbetsilawo sí yi ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ be yewoanɔ dedie. 45Tete Matatias kple xɔlɔ̃awo tsa godoo eye wokaka vɔsamlekpuiawo. 46Wotso aʋa na ŋutsuvi bolobolotɔ siwo ŋu woke ɖo le Israel-dukɔ ƒe anyigba me la kple dzizizi.
47Woti dàdalawo yome kplíkplikpli, eye nu sia nu dze edzi nyuie le wo si me. 48Woxɔ se la ɖe agbe tso ame siwo menye Yudatɔwo o la kple fiawo si me. Womegana mɔ nuvɔ̃wɔlawo be woƒe alɔ nayi dzi gbeɖe o.
Matatias ƒe ku
49Azɔ ŋkeke tu aƒe na Matatias be wòaku. Egblɔ na via ŋutsuwo be: “Ɖokuidodoɖedzi kple gbɔɖiame va kpɔ ŋusẽ; tsɔtsrɔ̃ kple dziku dziŋɔ ƒe ɣeyiɣi ɖo. 50Azɔ, vinyewo, miɖe ŋuʋaʋã si lé dzo le mia me na se la fia; mitsɔ miaƒe agbe ke ɖe mía tɔgbuiwo ƒe nubabla la ta.
51Miɖo ŋku tɔgbuiawo ƒe dɔwɔwɔ, siwo wowɔ le woƒe dzidzimewo me la dzi, eye miaxɔ bubu gã kple ŋkɔ si anɔ anyi tegbee la. 52#Mos I, 15.6; 22.15-18.Ɖe womekpɔ be Abraham nye nuteƒewɔla esi wotee kpɔ oa? Ɖe womebui nɛ be enye nu dzɔdzɔe wɔla oa? 53#Mos I, 39.1—45.28.Yosef, le eƒe xaxaɣi la, wɔ sededeawo dzi eye wòzu aƒetɔ na Egipte. 54Finehas, mía tɔgbui la, esi ŋuʋaʋã sesẽ nɔ eme ta la, wona nunɔlanyenye mavɔ ƒe nubabla eyama. 55#Mos IV, 13.1—14.12.Yosua zu dukplɔla le Israel elabe ewɔ ɖe gbeɖeɖe la dzi. 56Kaleb xɔ domenyinu le anyigba la me elabe eɖi ɖase le ƒuƒoƒe la. 57#Sam II, 7.16.David, esi wònye nublanuikpɔla ta la, enyi dome na fiaɖuƒe la ƒe zikpui la tegbee. 58#Fia II, 2.9-12.Eliya, ɖe ŋuʋaʋã sesẽ si nɔ eyama me na se la ta la, wokɔe yi dziƒoe. 59#Dan 3.8-30.Xananya kple Azarya kpakple Misael xɔ se, eye woxɔ wo ɖe agbe tso dzo ƒe aɖe si me. 60#Dan 6.1-24; DanGr 14.31-42.Daniɛl , ɖe eƒe fɔmaɖimaɖi ta la, woɖee tso dzatawo ƒe nu me.
61“Ale, milé ŋku ɖi míakpɔ ɖa, tso dzidzime yi dzidzime, be ame siwo ɖoa dzi ɖe eyama ŋu la, ŋusẽ mahiã wo dometɔ aɖeke o. 62Migavɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ƒe nyawo o, elabe woƒe atsyɔ̃ azu lãwo ƒe mí kple ŋɔviwo. 63Egbe la, woado wo ɖe dzi, gake etsɔ si gbɔna la, womagakpɔ wo o, elabe woatrɔ yi ʋuʋudedi me; woƒe ɖoɖowo atsrɔ̃. 64Vinyewo, milé dzi ɖe ƒo eye miatsi ŋusẽtɔe le se la me, elabe le eya me la, bubu anɔ mia ŋu.
65“Mia nɔvi Simeon nye esi le afii. Enye ame si menya be eɖoa aɖaŋu nunyatɔe. Miɖo to eyama ɣe sia ɣi. Eyae anye mia tɔ́. 66Yuda Makabeo nye aʋawɔla kalẽtɔ tso eƒe ɖekakpuime ke. Eyae anɔ ŋgɔ na aʋakɔ la na mi, awɔ aʋa kple dukɔawo. 67Miaƒo ƒu ame siwo katã wɔ ɖe se la dzi la ɖe mia ɖokui ŋu, eye miabia hlɔ̃ ɖe numanyomanyo si wowɔ ɖe miaƒe dukɔa ŋuti ta la. 68Miwɔe ɖe enu na ame siwo menye Yudatɔwo o la, wòade edeƒe tututu, eye miawɔ se la dzi.”
69Tete wòyra wo, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ. 70Eku le ƒe alafa ɖeka bla ene vɔ adelia#2.70: ƑE 146: Ƒe sia sɔ kple ƒe 166 do ŋgɔ na Kristo dzidzi. me. Woɖii ɖe etɔgbuiawo ƒe yɔdo me le Modein. Israel-dukɔ blibo la nyi fu nɛ le konyifafa gã me.