1
Lododowo 4:23
Agbenya La
AL
Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eyae nye agbe ƒe vudo.
2
Lododowo 4:26
Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ.
3
Lododowo 4:24
Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me, eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ.
4
Lododowo 4:7
Nunya ƒo nuwo katã ta eya ta dze nunya. Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, di gɔmesese.
5
Lododowo 4:18-19
Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie. Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene eye womenya nu si na wole nu klim o.
6
Lododowo 4:6
Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò, lɔ̃e ekema akpɔ tawò.
7
Lododowo 4:13
Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò.
8
Lododowo 4:14
Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o.
9
Lododowo 4:1
Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.