1
2 Tesalonikatɔwo 2:3
Agbenya La
AL
Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃.
Confronta
Esplora 2 Tesalonikatɔwo 2:3
2
2 Tesalonikatɔwo 2:13
Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃, elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me.
Esplora 2 Tesalonikatɔwo 2:13
3
2 Tesalonikatɔwo 2:4
Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.
Esplora 2 Tesalonikatɔwo 2:4
4
2 Tesalonikatɔwo 2:16-17
Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye to eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la nade dzi ƒo na mi, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nyanyui la gbɔgblɔ me.
Esplora 2 Tesalonikatɔwo 2:16-17
5
2 Tesalonikatɔwo 2:11
eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo
Esplora 2 Tesalonikatɔwo 2:11
6
2 Tesalonikatɔwo 2:9-10
Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋu dɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe. Atsɔ madzɔmadzɔnyenye able ame siwo katã yina ɖe dzomavɔ la me, elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ, alɔ̃e be wòaɖe wo o
Esplora 2 Tesalonikatɔwo 2:9-10
7
2 Tesalonikatɔwo 2:7
Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi.
Esplora 2 Tesalonikatɔwo 2:7