1
1 Korintotɔwo 15:58
Agbenya La
AL
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.
Confronta
Esplora 1 Korintotɔwo 15:58
2
1 Korintotɔwo 15:57
Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
Esplora 1 Korintotɔwo 15:57
3
1 Korintotɔwo 15:33
Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo.
Esplora 1 Korintotɔwo 15:33
4
1 Korintotɔwo 15:10
Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.
Esplora 1 Korintotɔwo 15:10
5
1 Korintotɔwo 15:55-56
O, ku, afi ka wò dziɖuɖu la le? O, ku afi ka wò ti la le? Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la.
Esplora 1 Korintotɔwo 15:55-56
6
1 Korintotɔwo 15:51-52
Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã. Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake.
Esplora 1 Korintotɔwo 15:51-52
7
1 Korintotɔwo 15:21-22
Ku va xexea me le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ. Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me.
Esplora 1 Korintotɔwo 15:21-22
8
1 Korintotɔwo 15:53
Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia, eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee.
Esplora 1 Korintotɔwo 15:53
9
1 Korintotɔwo 15:25-26
Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi, eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ si nye ku gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi, eye woaɖee ɖa
Esplora 1 Korintotɔwo 15:25-26