1
Mateo 16:24
Agbenya La
AL
Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme
Comparar
Explorar Mateo 16:24
2
Mateo 16:18
Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.
Explorar Mateo 16:18
3
Mateo 16:19
Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”
Explorar Mateo 16:19
4
Mateo 16:25
elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe, eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu faa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ.
Explorar Mateo 16:25
5
Mateo 16:26
Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ?
Explorar Mateo 16:26
6
Mateo 16:15-16
Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?” Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”
Explorar Mateo 16:15-16
7
Mateo 16:17
Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.
Explorar Mateo 16:17