Mateo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Mateo nye dugadzɔla. Le ɣe ma ɣi me la, dugadzɔlawo xea ga na Roma Dziɖuɖua, eye woɖea mɔ na wo be woadzɔ ga la le amewo si le nuto ma me. Dugadzɔla geɖewo baa amewo, eye wotoa esia me zua hotsuitɔwo. Yudatɔwo bua dugadzɔla siawo nu vɔ̃ wɔlawoe, elabena wonɔa ga dzɔm le Yudatɔwo si na Roma Dziɖuɖua, si wobu be enye Trɔ̃subɔlawo ƒe Dziɖuɖu la. Ale amewo léa fu wo, eye wodoa vlo wo. Ke Yesu tia ame siawo dometɔ ɖeka, si nye Mateo, eye wòzu eƒe nusrɔ̃la. Esi Mateo do go Yesu la, eƒe agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ. Egblẽ eƒe nuwo katã ɖi, eye wòdze Yesu yome. Mateo te gbe ɖe edzi le eƒe agbalẽa me be Yesue nye xexea me ƒe Ɖela, ame si ŋu Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le ƒe geɖewo do ŋgɔ.
Emenyawo
Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔnɔ (1:1–2:23)
Yesu dze dɔ gɔme (3:1–4:25)
Todzinyagbɔgblɔwo (5:1–7:29)
Yesu da gbe le ame vovovowo ŋu (8:1–9:34)
Yesu dɔ nusrɔ̃la wuieveawo (9:35–10:42)
Yesu gblɔ ame si wònye la na amewo (11:1–12:50)
Lododowo tso mawufiaɖuƒe la ŋu (13:1-52)
Wogbe Yesu eye wotso ta le Yohanes nu (13:53–14:12)
Yesu dzo le Herod ƒe dziɖuƒe (14:13–17:27)
Yesu fia nu tso ɖokuibɔbɔ kple tsɔtsɔke ŋu (18:1-35)
Yesu yi Yerusalem (19:1–20:34)
Yesu ƒe kɔsiɖa mamlɛtɔ le Yerusalem (21:1–28:10)
Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe (28:11-20)

Valgt i Øjeblikket:

Mateo Ŋgɔdonya: AL

Markering

Del

Kopiér

None

Vil du have dine markeringer gemt på tværs af alle dine enheder? Tilmeld dig eller log ind

YouVersion bruger cookies til at personliggøre din oplevelse. Når du bruger vores hjemmeside, accepterer du vores brug af cookies som beskrevet i vores privatlivspolitik