1 Mose Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Woŋlɔ Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ be woatsɔ aɖe ale si nu sia nu dze egɔmee la afia. Agbalẽ la ƒo nu tso ale si Mawu wɔ xexea me, ale si wòwɔ amegbetɔ, eye wòtsɔe da ɖe teƒe nyui aɖe, nu si he nu vɔ̃ vɛ kple ale si Mawu ɖo ɖeɖe ƒe ta me ɖe amegbetɔ si tra mɔ ŋu la ŋu. Egaƒo nu tso amegbetɔƒomea ƒe agbenɔnɔŋutinya, eƒe aɖaŋu kple asinudɔwo, eƒe gbegbɔgblɔ ƒe gɔmedzedze kple afi si dukɔ vovovowo dzɔ tso la ŋu. Kpe ɖe esiawo ŋu la, Agbalẽa gaƒo nu tso ale si Hebri dukɔa dzɔ tso Abraham me la ŋuti, eye wòyi edzi kple Isak, Yakob kple wo viwo ƒe ŋutinya. Agbalẽa wu enu kple Yosef ƒe Egipte nɔnɔ.
Emenyawo
Xexemewɔwɔ (1:1–2:25)
Adam ƒe nu vɔ̃ me dzedze kple eyomedzenuwo (3:1–5:32)
Amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ (6:1–8:19)
Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na Noa kple gɔmedzedze yeye la (8:20–11:26)
Abraham, tɔgbui gbãtɔ ƒe ŋutinya (11:27–25:18)
Abraham ƒe viwo, Isak kple Yakob ƒe ŋutinya (25:19–36:43)
Yosef ƒe agbenɔnɔŋutinya (37:1–50:26)

Valgt i Øjeblikket:

1 Mose Ŋgɔdonya: AL

Markering

Del

Kopiér

None

Vil du have dine markeringer gemt på tværs af alle dine enheder? Tilmeld dig eller log ind

YouVersion bruger cookies til at personliggøre din oplevelse. Når du bruger vores hjemmeside, accepterer du vores brug af cookies som beskrevet i vores privatlivspolitik