Yohanes Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Yohanes, ame si ŋlɔ nyanyui enelia la nye Yudatɔ, eye wòganye Zebedeo ƒe vi kple tɔƒodela. Eya kee ŋlɔ Yohanes ƒe Agbalẽ etɔ̃awo kple Nyaɖeɖefia hã. Enye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, eye wònɔ Yesu ŋu kplikplikpli ƒe etɔ̃ sɔŋ. Esia ta enya Yesu nyuie, eye wòkpɔ eƒe nukunuwɔwɔwo kple ale si wòhea nya ɖe Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋue teƒe. Ede dzesii be Yesu nye amegbetɔ, eye wòganye Mawu hã. Enya be Yesue nye Mawu ƒe Tenuvi la kple xexea me ƒe Ɖela abe ale si Yesu ŋutɔ gblɔe ene.
Emenyawo
Ŋgɔdonya (1:1-51)
Yesu ƒe dɔwɔwɔwo, dzesi adreawo (2:1–12:50)
Yesu ƒe kaklãnyawo (13:1–17:26)
Wolé Yesu, drɔ̃ ʋɔnui, eye wowui (18:1–19:37)
Yesu ɖiɖi kple eƒe tsitretsitsi (19:38–20:31)
Nuwunyawo (21:1-25)

目前选定:

Yohanes Ŋgɔdonya: AL

高亮显示

分享

复制

None

想要在所有设备上保存你的高亮显示吗? 注册或登录