1
Yohanes 11:25-26
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame si xɔ dzinye se la, ne eku gɔ̃ hã la, anɔ agbe, eye ame sia ame si le agbe eye wòxɔ dzinye se la, mele kuku ge akpɔ o. Èxɔ esia dzi sea?”
موازنہ
تلاش Yohanes 11:25-26
2
Yohanes 11:40
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyemegblɔ na wò be ne èxɔ se ko la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”
تلاش Yohanes 11:40
3
Yohanes 11:35
Yesu fa avi.
تلاش Yohanes 11:35
4
Yohanes 11:4
Ke esi Yesu see la, egblɔ be: “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ enye nu si woatsɔ ado Mawu ɖe dzi, eye to eya me la, woado Mawu Vi la hã ɖe dzi.”
تلاش Yohanes 11:4
5
Yohanes 11:43-44
Esi wògblɔ nya siawo la, edo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do va!” Kasia ame si ku la do va; ameɖivɔ siwo wotsɔ bla asi kple afɔ nɛ la gale eŋu, eye taku si wotsɔ bla mo nɛ la hã le ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na wo be: “Mitu nuawo le eŋu ne wòadzo.”
تلاش Yohanes 11:43-44
6
Yohanes 11:38
Dɔmedzoe la gale Yesu me, wòva yɔdo la gbɔe. Yɔdoa nye agado si nu wotsyɔ kpee.
تلاش Yohanes 11:38
7
Yohanes 11:11
Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, ke meyina enyɔ ge.”
تلاش Yohanes 11:11