Yosua Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Le Mose ƒe ku megbe la, Israel dukɔ la kpɔkplɔ zu Yosua ƒe dɔdeasi. Ale Yosua zu Israel ƒe aʋakplɔla tso ɣeyiɣi si me Israel nɔ aʋa wɔm hena Ŋugbedodonyigba la xɔxɔ me. Esime Israelviwo ganɔ Moab ƒe gbadzaƒe la, Yosua ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu, eye wòdzra ɖo na aʋawɔwɔ. Le esia megbe la, wotso Yɔdan tɔsisi la, eye aʋawɔwɔ dze egɔme. Woma ɖe akpa etɔ̃ me, dzigbeme, titina kple anyigbeme, eye wowɔ aʋawo. Wona akɔnta le aʋa siawo wɔwɔ ŋu le Yosua Ƒe Agbalẽ me. Esi Israelviwo ɖu woƒe futɔwo dzi le aʋakpekpe gbãtɔ siawo me, eye woma anyigba la ɖe Israel ƒe to vovovoawo dome vɔ la, Yosua de dzi ƒo na ameawo, eye wòku le ŋutifafa me.
Emenyawo
Gege ɖe ŋugbedodonyigba la dzi kple anyigba la xɔxɔ (1:1–12:24)
Kanaanyigba la mama (13:1–21:45)
Yosua ƒe kaklãnyawo kple eƒe ɖoɖowo na Israelviwo (22:1–24:33)

Seçili Olanlar:

Yosua Ŋgɔdonya: AL

Vurgu

Kopyala

Karşılaştır

Paylaş

None

Önemli anlarınızın tüm cihazlarınıza kaydedilmesini mi istiyorsunuz? Kayıt olun ya da giriş yapın