1
Lododowo 26:4-5
Agbenya La
AL
Mègaɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu o, ne menye nenema o la, wò ŋutɔ hã ànɔ abe eya amea ene. Ɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu, ne menye nenema o la ava bu eɖokui nunyalae le eɖokui gbɔ.
2
Lododowo 26:11
Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la, nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi.
3
Lododowo 26:20
Ne nake meli o la, dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena.
4
Lododowo 26:27
Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme eye ame si amli kpe la, kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi.
5
Lododowo 26:12
Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea.
6
Lododowo 26:17
Ame si le eme tsom gake de nu dzrenya si metsɔ egbɔ o me la le abe ame si lé towo kple eve na avu ene.