Logo Aplikacije Biblija
Dugme za pretraživanje

Mose IV 31

31
Israelviwo wɔ aʋa kɔkɔe kple Midiantɔwo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le nu si wowɔ Israelviwo la ta. Ne èwɔ esia vɔ la, àku.” 3Ale Mose gblɔ na dukɔ la be: “Mina miaƒe ŋutsuwo nadzra ɖo ne miaho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye miahe to na wo le nu si wowɔ ɖe Aƒetɔ ŋu la ta. 4Miaƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe naɖe ame akpe ɖeka aɖo ɖe aʋa la wɔƒe.” 5Ale Israel-toawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe ame akpe ɖeka ɖo ɖa, ale ame siwo dzra ɖo na aʋaa yiyi la le ame akpe wui eve. 6Mose na Pinehas, nunɔla Eleazar vi, kplɔ wo yi aʋa lae. Nu kɔkɔeawo kple kpẽ siwo woaku be aʋawɔlawo nanya nu si woawɔ la le Pinehas ƒe dzikpɔkpɔ te. 7Woho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene, eye wowu Midian-ŋutsuwo katã. 8Wowu Midian-fia atɔ̃awo hã. Woawoe nye: Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba. Wowu Bileam, Beor vi, hã. 9Israelviwo ɖe aboyo Midian-nyɔnuwo kple ɖeviwo, ha woƒe nyihawo kple alẽhawo katã, lɔ woƒe kesinɔnuwo dzoe, 10eye wotɔ dzo woƒe duwo katã kple woƒe asaɖawo. 11Wokplɔ aboyomeawo kple lãawo, eye wolɔ nu siwo woha kpe ɖe wo ŋu la dzoe. 12Wokplɔ aboyomeawo kple nu siwo woha kpakple aboyonu bubuawo katã va Mose kple nunɔla Eleazar kpakple Israelviwo ƒe ha blibo la gbɔ le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa.
Aʋawɔlaawo gbugbɔ yi woƒe nɔƒewo
13Mose, nunɔla Eleazar kple Israel-megã bubuawo katã yi ɖakpe aʋawɔlaawo le asaɖa la godo. 14Tete Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔla siwo te ame akpewo kple esiwo nɔ ame alafawo nu de aʋaa gbɔ la ŋuti. 15Ebia wo be: “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe? 16#Mos IV, 25.1-9.Ɖe menye nyɔnuawoe xɔ Bileam ƒe aɖaŋuɖoɖo la, eye wona Israelviwo mewɔ nuteƒe na Aƒetɔ le Peor oa? Ɖe menye woƒe nuwɔnae kplɔ dɔ vɔ̃ ƒu Aƒetɔ ƒe ha la oa? 17Eya ta miwu ameawo dome ŋutsuvi siwo katã de asi nyɔnu ŋu kpɔ. Nenema ke miwu nyɔnuvi siwo katã de ŋutsu gbɔ kpɔ la hã. 18Ke nyɔnuvi siwo katã mede ŋutsu gbɔ kpɔ o le wo dome la natsi anyi na mi. 19Azɔ mia dometɔ si wu ame alo ka asi ame kuku ŋu la netsi asaɖa la godo ŋkeke adrẽ. Le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe la, miɖe nuvɔ̃ ɖa le mia ɖokui kple nyɔnu siwo mieɖe aboyoe la ŋu. 20Nenema ke miɖe nuvɔ̃ ɖa le avɔwo katã kple nu siwo katã wotsɔ lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati wɔ la ŋu.”
21Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelaawo be: “Se siwo Aƒetɔ de na Mose lae nye esiwo be: 22Mitsɔ sika kple klosalo, akɔbli kple ga yibɔ, ga ɣi kple tsumi 23kpakple nu sia nu si ate ŋu ade dzo me la haha dzoe, ekema wo ŋu akɔ. Gake ele be woatsɔ ameŋukɔtsi aɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ŋu. Ke woatsɔ tsi aklɔ nu siwo katã mate ŋu ade dzo me o lae. 24Le ŋkeke adrẽa gbe la, minya miaƒe avɔwo. Ekema mia ŋu kɔ, eye miekpɔ mɔ ayi asaɖa la me.”
Nu siwo woha la mama
25Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 26“Wò kple nunɔla Eleazar kpakple Israel-toawo ƒe amegãwo, mixlẽ aboyonuawo katã, ameawo kple lãawo siaa. 27Mima nuawo ɖe akpa eve me. Aʋadelawo naxɔ akpa ɖeka, eye ame mamlɛawo hã naxɔ akpa ɖeka. 28Le aʋadelaawo tɔ gome la, xɔ ame ɖeka tso ame alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu natsɔ na Aƒetɔ wòanye eƒe adzɔ. Wɔ nenema ke le nyi, tedzi, alẽ kple gbɔ̃ gome hã. 29Tsɔ wo na nunɔla Eleazar, abe nunana tɔxɛ ene, na Aƒetɔ. 30Le ha la tɔ gome la, xɔ ame ɖeka tso ame bla atɔ̃ sia ame bla atɔ̃ me, eye nàxɔ nenema ke le nyi, tedzi, alẽ kple gbɔ̃wo hã gome. Tsɔ wo na Levitɔwo le esi wònye woawoe wɔa dɔ le godoƒegbadɔ ŋu la ta.” 31Mose kple nunɔla Eleazar wɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
32Aboyonu siwo aʋawɔlawo ha la ƒe susɔea le: alẽ akpe alafa ade bla adrẽ vɔ atɔ̃; 33nyi akpe bla adrẽ vɔ eve; 34tedzi akpe bla ade vɔ ɖekɛ; 35nyɔnuvi siwo mede ŋutsu gbɔ kpɔ o la le akpe bla etɔ̃ vɔ eve. 36Nu siwo aʋadelawo xɔ la woe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃ bla etɔ̃ vɔ adrẽ alafa atɔ̃. 37Adzɔ si woɖe le alẽawo ŋu na Aƒetɔ la le alẽ alafa ade bla adrẽ vɔ atɔ̃. 38Nyiwo le akpe bla etɔ̃ vɔ ade, eye woɖe bla adrẽ vɔ eve tsɔ na adzɔ Aƒetɔ. 39Tedziwo le akpe bla etɔ̃ alafa atɔ̃, eye woɖe bla ade vɔ ɖekɛ tsɔ na adzɔ Aƒetɔ. 40Amewo le akpe wui ade, eye woɖe ame bla etɔ̃ vɔ eve tsɔ na adzɔ Aƒetɔ. 41Ale Mose tsɔ adzɔ siwo wona Aƒetɔ la na nunɔla Eleazar abe ale si Aƒetɔ ŋutɔ gblɔ na Mose ene.
42Israelviwo ƒe afã si Mose ɖe ɖa tso aʋadelawo gbɔ tɔe nye esi; 43ameha la ƒe afã tɔe nye akpe alafa etɔ̃ bla etɔ̃ vɔ adrẽ alafa atɔ̃; 44nyi akpe bla etɔ̃ vɔ ade; 45tedzi akpe bla etɔ̃ alafa atɔ̃ 46kple ame akpe wui ade. 47Mose ɖe ame ɖekaɖeka alo lã ɖekaɖeka le ame alo lã bla atɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu tso Israelviwo tɔ ŋu na Levitɔwo le woƒe dɔwɔwɔ le godoƒegbadɔ la ŋu ta abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
48Aʋakplɔla siwo kplɔ aʋakɔ la de aʋa lae la va Mose gbɔ, 49eye wogblɔ nɛ be: “Amegã, míexlẽ aʋawɔla siwo nède asi na mí míekplɔ de aʋa lae, eye woƒe xexlẽme de; ɖeke metsi aʋa o. 50Eya ta míetsɔ sikanu siwo mía dome ame sia ame ha la vɛ be míana Aƒetɔ. Nuawoe nye: Sikanuwo, alɔnugawo, asigɛwo, togɛwo kple kɔdzonuwo. Míetsɔ nu siawo le Aƒetɔ nam abe fexexe ɖe míaƒe agbe ta ene ale be wòakpɔ mía ta.” 51Ale Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sika la. Sika sia nye sikatsyɔ̃ɖonu ƒomevi vovovowo. 52Sikanu siwo aʋakplɔlaawo katã tsɔ vɛ la ƒe kpekpeme ade kilo alafa eve. 53Nu siwo aʋawɔla siwo menye aʋakplɔlawo o ya ha la tsi wo si; wometsɔ wo na o. 54Mose kple Eleazar tsɔ sikanuawo yi godoƒegbadɔ la me ale be woanye ŋkuɖodzinu na Aƒetɔ be wòakpɔ Israelviwo ta.

Trenutno izabrano:

Mose IV 31: EB14

Istaknuto

Kopiraj

Uporedi

Podeli

None

Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi