Mose IV 22
22
Moab-fia dɔ ame ɖe Bileam
1Israelviwo ho, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-gbegbe le Yordan godo le Yerixo kasa. 2Esi Moab-fia, Balak, Zipor vi, kpɔ nu si Israelviwo tu kple Amoritɔwo kple ale si wosɔ gbɔ fũu la, 3vɔvɔ̃ ɖo eya ŋutɔ kple Moabtɔwo katã. 4Moabtɔwo gblɔ na Midiantɔwo ƒe ame tsitsiwo be: “Ameha si ɖe to ɖe mí la le mí kple nu siwo katã ƒo xlã mí la tsrɔ̃ ge, abe ale si nyi ɖua gbe le gbeɖuƒe ene.” Ale Balak, Zipor vi, si nye Moab-fia le ɣe ma ɣi me la, 5#Mos IV, 31.8; Pet II, 2.15, 16; Yuda 1.11. dɔ amewo ɖe Bileam, Beor vi, gbɔ be woayɔe vɛ. Le ɣeyiɣi sia me la, ele Petor le Frat-tɔsisi la nu le Ama ƒe anyigba dzi. Amedɔdɔawo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, dukɔ aɖe ʋu tso Egipte va yina. Wosɔ gbɔ ŋutɔ, eye woxɔ míaƒe anyigba la katã vɔ. Woƒu asaɖa anyi dze ŋgɔm. 6Wosɔ gbɔ wu mí, eya ta meɖe kuku, va ƒo fi de ame siawo nam elabe wosesẽ wum. Ɖewohĩ mate ŋu aɖu wo dzi, eye anyà wo ɖa le anyigba la dzi. Menya be ne èyra ame la, yayra nɔa edzi, eye ne èƒo fi de ame la, fiƒode nɔa edzi.”
7Ale Moab kple Midian ame tsitsiwo xɔ afakaho la, eye wodze mɔ va Bileam gbɔ hegblɔ Balak ƒe nyaawo nɛ. 8Bileam gblɔ na wo be: “Mitsi afii dɔ. Ne ŋu ke la, magblɔ nya si Aƒetɔ agblɔ nam la na mi.” Ale Moab-me tsitsiawo tsi Bileam gbɔ dɔ. 9Mawu va Bileam gbɔ hebiae be: “Ŋutsu kawo nye esiawo le gbɔwò?” 10Bileam ɖo eŋu nɛ be: “Balak, Moab-fiae dɔ wo ɖe gbɔnye. Wobe ebe 11dukɔ aɖe ʋu tso Egipte va kaka ɖe yeƒe anyigba bliboa dzi, eya ta mava ƒo fi de wo na ye, ɖewohĩ yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, anyà wo ɖa.” 12Mawu gblɔ na Bileam be: “Mègayi kpli wo o, eye mègaƒo fi de dukɔ la o, elabe meyrae xoxo.” 13Le ŋdi me la, Bileam fɔ, eye wògblɔ na amedɔdɔawo be: “Migbugbɔ yi mia de. Aƒetɔ gbe be magayi kpli mi o.” 14Ale wogbugbɔ yi Balak gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Bileam gbe be yemava kpli mí o.”
15Ke Balak dɔ amegã bubu siwo sɔ gbɔ, eye bubu le wo ŋu wu gbãtɔwo la ɖa. 16Woyi Bileam gbɔ eye wogblɔ Balak ƒe gbedeasia nɛ be: “Mègana naneke naxe mɔ na wò gbɔnye vava o. 17Mele bubu de ge ŋuwò ale si mate ŋui, eye mawɔ nu sia nu si nègblɔ nam. Meɖe kuku, va ƒo fi de dukɔ sia nam!” 18Ke Bileam ɖo eŋu be: “Ne klosalo kple sika ayɔ Balak ƒe aƒe taŋ wòatsɔ nam gɔ̃ hã la, nyemaxɔe o. Nyemawɔ nu bubu sue aɖeke gɔ̃ hã ahada Aƒetɔ, nye Mawu ƒe gbe dzi o. 19Meɖe kuku, miawo hã mitsi afii dɔ. Ɖewohĩ Aƒetɔ agagblɔ nya aɖe nam.” 20Le zã me la, Mawu va Bileam gbɔ hegblɔ nɛ be: “Nenye wò yɔ ge ŋutsu siawo va la, fɔ nàyi kpli wo; ke wɔ nu si magblɔ na wò be nàwɔ la ko.”
Bileam kple eƒe tedzi
21Le ŋdi me la, Bileam fɔ, bla akpa na eƒe tedzi, eye wòdze mɔ kple amedɔdɔ siwo tso Moab va la. 22Ke Mawu do dɔmedzoe be eyina afi ma. Bileam nɔ eƒe tedzi dom, eye eƒe subɔla eve kpe ɖe eŋuti. Tete Aƒetɔ ƒe dɔla va tso mɔ me nɛ hetsi tsitre ɖe mɔa dzi. 23Esi tedzia kpɔ mawudɔla la wòle tsitre ɖe mɔa dzi, lé yi ɖe asi la, edze le mɔa dzi to gbe me. Bileam ƒo tedzi la, eye wòtrɔe va mɔa dzi. 24Emegbe mawudɔla la va tsi tsitre ɖe wainbɔwo ƒe kpɔdomeemɔ si ƒe akpawo kple eve nye gli la dzi. 25Tedzia gakpɔ mawudɔla la, eye wòdze ɖe gli ŋu, hemimi Bileam ƒe afɔ ɖe glia ŋu. Bileam gaƒoe ake. 26Mawudɔla la gayi ŋgɔ ɖatsi tsitre ɖe teƒe xaxɛ aɖe. Mɔ aɖeke mele afi sia be woadze ato ayi ŋgɔ o. 27Esi tedzia gakpɔ mawudɔlaa la, etsyɔ akɔ anyi. Bileam do dɔmedzoe ɖe eŋuti, eye wòƒoe kple ati. 28Tete Aƒetɔ na ŋusẽ tedzia be wòaƒo nu, eye wòbia Bileam be: “Nu ka mewɔ wò? Nu ka ta nèƒom zi etɔ̃ sɔŋ?” 29Bileam ɖo eŋu be: “Esi nèdo tsukunɔm tae! Ne ɖe wònye yie le asinye la, ne mewu wò gɔ̃!”
30Tedzi la gblɔ na Bileam be: “Menye nye koe nye wò tedzi si nèdo le wò agbe me ŋkekewo katã me va se ɖe egbe oa? Ɖe mewɔ nu sia tɔgbe ɖe ŋuwò kpɔa?” Eɖo eŋu be: “Gbeɖe!”
31Tete Aƒetɔ na Bileam kpɔ mawudɔla la wòle tsitre ɖe mɔa dzi, lé yi ɖe asi. Ede ta agu, eye wòtsyɔ mo anyi. 32Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Nu ka tae nèƒo wò tedzia zi etɔ̃ sɔŋ nenema? Nyee va xe mɔ na wò elabe nu si gbe yim nèle la medze ŋunye o. 33Ke wò tedzi la kpɔm, eye wòdze ɖe aga zi etɔ̃ sɔŋ. Ɖe mewɔ nenema o la, ne mewu wò, eye eya atsi agbe.” 34Bileam ɖo eŋu be: “Mewɔ nuvɔ̃. Nyemenya be wòe tsi tre ɖe ŋunye tso mɔ me nam o. Azɔ ne nye yiyi nye vɔ̃ le gbɔwò la, magbugbɔ ayi aƒeme.” 35Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Yi kpli wo ko, ke gblɔ nya si magblɔ na wò la ɖeɖe ko.” Ale Bileam yi kple amedɔdɔawo.
Balak xɔ Bileam
36Esi Balak se be Bileam gbɔna la, eyi ɖakpee le Ir, si nye Moab-du le keke liƒo dzi ke le Arnon-tɔʋu nu. 37Balak biae be: “Nu ka ta medɔ ame ɖa be neyɔ wò vɛ, mèva kaba o? Ɖe nèbu be nyemate ŋu ade bubu ŋuwò oa?” 38Bileam ɖo eŋu be: “Meva ɖe! Gake ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖea? Nu si Mawu gblɔ nam be magblɔ la, eya ko make nu agblɔ.” 39Ale Bileam zɔ kple Balak yi ɖe Kiryat-Xuzot. 40Balak wu nyiwo kple alẽwo sa vɔe, eye wòɖo ɖe ɖe Bileam kple amegã siwo le egbɔ la.
Bileam ƒe gbeƒãɖeɖe gbãtɔ
41Esi ŋu ke la, Balak kplɔ Bileam yi Bamot-Baal, afi si wòte ŋu kpɔ Israelviwo ƒe akpa si tsɔ ɖe wo gbɔ la le nyuie.
Trenutno izabrano:
Mose IV 22: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.