Mose IV 18
18
Nunɔlawo kple Levi viwo ƒe dɔdeasiwo
1Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Mia kple viwòwo kpakple tɔ́wò ƒe aƒe lae axɔ tohehe le vodada si woawɔ ɖe kɔkɔeƒe la ŋu; eye mia kple viwò ŋutsuwoe axɔ tohehe ne miewɔ vodada le nunɔladɔ la me. 2Ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔdɔ wɔm le agbadɔ la ŋgɔ la, kplɔ Levi-to la me tɔwo, ame siwo nye nɔviwòwo la vɛ be woava kpe ɖe ŋuwò miawɔ subɔsubɔdɔ la. 3Woawɔ dɔ siwo katã le ŋuwò kple esiwo ku ɖe agbadɔ la ŋu la ko. Womegate ɖe nu kɔkɔe siwo le kɔkɔeƒe la ŋu loo, alo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne wote ɖe wo ŋu la, wò kple woawo siaa miaku. 4Woawo ko nanɔ ŋuwò anɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu wɔm eye ame bubu aɖeke megate ɖe mia ŋu o. 5Miawo koe awɔ subɔsubɔdɔ siwo ku ɖe kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpuia ŋu, ale be nyemagado dɔmedzoe ɖe Israelviwo ŋu azɔ o. 6Nye ŋutɔe tia mia nɔvi Levi viwo tso Israelviwo dome tsɔ na wò. Mekɔ wo ŋu da ɖi be woawɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la ŋu. 7Ke wò kple viwò ŋutsuwo koe awɔ nunɔladɔ siwo katã ku ɖe vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la. Miaƒe dɔdeasie nye esia koŋ elabe nunɔladɔ la, nunana wònye na mi. Ne ame bubu aɖe te va nu kɔkɔeawo gbɔ la, wonewui.”
Nunɔlawo ƒe gome
8Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ siwo woɖena le Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la na wò. Woanye wò ŋutɔ kple wò dzidzimeviwo ƒe gome, eye esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa. 9Woƒe nunana kɔkɔetɔ siwo womatɔ dzoe o, eye woanye tɔwò lae nye: nuɖuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖiɖivɔsawo katã. Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si wova nam la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ. 10Ele be miaɖu nu siawo le teƒe kɔkɔe, eye ŋutsuwo koe kpɔ mɔ aɖui. Nu kɔkɔe wònye na wò. 11Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nunana bubu siwo katã Israelviwo ana be woanyè la nye tɔwò. Enye wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa ƒe gome. Ame sia ame si ŋu kɔ le kɔa nu le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, eye esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa. 12Mele ami, wain kple bli nyuitɔ siwo katã Israelviwo kpɔna tso woƒe dɔwɔwɔ me vana nam la tsɔm na wò. 13Nuku gbãtɔ siwo aɖi le woƒe agble me, eye woatsɔ vɛ nam la nanye tɔwò. 14#Mos III, 27.28. Nu sia nu si Israelviwo tsɔ ɖe adzɔgbe be wòanye tɔnye tegbee la nanye tɔwò. 15Nu sia nu si aʋu dɔ nu na nɔa, ame wòɖanye o, lã wòɖanye o, eye wotsɔe nam la nye tɔwò. Togbɔ be wòle alea hã, ele be nàtsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeviwoe. 16Woaxɔ ɖevi siwo xɔ ɣleti ɖeka la kple klosaloga atɔ̃, le gagbagba si li la ƒe ɖoɖo nu. Gera bla eve nanye klosaloga ɖeka. 17Ke mègatsɔ ga xɔ nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwoe o, elabe wo ŋu kɔ. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye nàtɔ dzo woƒe ami wòanye dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu. 18Gake woƒe lã ya tɔwòe, abe ale si akɔa kple ɖusita siwo nye teƒe tɔxɛwo la nye tɔwò ene.
19“Metsɔ adzɔ siwo katã Israelviwo ɖena nam abe nunana kɔkɔe ene la na wò, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo, eye esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa. Nubabla matrɔmatrɔ wònye mewɔ kple wò kple wò dzidzimeviwo tegbee.” 20Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Naneke manye tɔwò si anye domenyinu le woƒe anyigba dzi o, eye anyigba aɖeke hã manye tɔwò gome le wo dome o. Nye Aƒetɔ e nye wò nu sia nu.”
Levi viwo ƒe gome
21 #
Mos III, 27.30-33; Mos V, 14.22-29. Aƒetɔ gblɔ be: “Metsɔ nuwo katã ƒe akpa ewolia si Israelviwo ɖena nam la na Levi viwo be wòanye wo tɔ. Esia nye subɔsubɔdɔ si wɔm wole le nye agbadɔ ŋu la ƒe fetu. 22Tso azɔ heyina la, Israelvi bubuwo megate ɖe nye agbadɔ la ŋu ne esia wɔwɔ nahe vɔ̃ ava wo dzi, eye woaku o. 23Ke azɔ la, Levi viwo ko nawɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la ŋu, eye ne vodada aɖe va la, enye woƒe nya. Esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa tso dzidzime yi dzidzime le mia dome. Domenyinu aɖeke manɔ Levi vi, siwo le Israelviwo dome la si o; 24elabe metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia si woɖena nam la na wo abe woƒe domenyinu ene. Esia tae megblɔ na wo be domenyinu bubu aɖeke manɔ wo si le Israelviwo dome o.”
Levi viwo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia nana
25Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 26“Gblɔ na Levi viwo be: Ne miexɔ nuwo ƒe akpa ewolia si mexɔ le Israelviwo si na mi, be wòanye miaƒe domenyinu le wo si la, miɖe akpa ewolia le eŋu na Aƒetɔ. 27Woabu adzɔ tɔxɛ si miana la abe miawo ŋutɔe ɖe bli alo fiã wain va na ene. 28Ale miaɖe adzɔ le nuwo katã ƒe akpa ewolia siwo miaxɔ le Israelviwo si la ŋu na Aƒetɔ. Mitsɔ Aƒetɔ ƒe adzɔ tɔxɛ la na nunɔla Aron. 29Miɖe nu siwo katã woana mi la ƒe nyuitɔwo tsɔ na adzɔ Aƒetɔ abe nunana kɔkɔe ene. 30Ne mieɖe nyuitɔwo le wo ŋu na adzɔe la, ekema woabu susɔea abe Levi viwo ŋutɔe xa nu le agble me alo fiã wain, eye woɖe nyuitɔ va na adzɔe ene. 31Mia kple miaƒe ƒometɔwo miekpɔ mɔ aɖu susɔea le afi sia afi faa, elabe eyae nye subɔsubɔdɔ si wɔm miele le agbadɔa ŋu la ƒe fetu. 32Ne mienyaɖe nyuitɔ le wo ŋu na adzɔe ko la, vɔ̃ aɖeke manɔ mia dzi o. Ke mikpɔ nyuie ne miagagblẽ kɔ ɖo na Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo hafi aɖe nyuitɔwo ana o. Ne miewɔe la, miaku.”
Trenutno izabrano:
Mose IV 18: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.