YouVersion Logo
Search Icon

Mose I KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Woyɔa Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ be “Gɔmedzedze.” Woyɔnɛ alea elabe eƒo nu le xexemewɔwɔ, amegbetɔƒomea ƒe dzɔdzɔ, nuvɔ̃ kple fukpekpe ƒe vava kpakple Mawu ƒe nɔnɔ ɖe amegbetɔƒomea ŋu. Woma agbalẽ sia ɖe akpa gã eve me:
1. Ta 1-11: Xexemewɔwɔ kple amegbetɔƒomea ƒe gɔmedzedze. Le akpa sia me la, woƒo nu le Adam kple Xawa, Kain kple Abel, Noa kple tsiɖɔɖɔ kpakple Babel mɔ́tutu ŋu.
2. Ta 12-50: Israelviwo ƒe tɔgbuitɔgbuiwo ƒe agbenɔŋutinya. Tɔgbuitɔgbui gbãtɔe nye Abraham, ame si ƒe ŋkɔ de du le eƒe xɔse kple toɖoɖo Mawu ta. Le eya yome la, woƒo nu le via, Isak kple Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob, si woyɔna hã be Israel la ŋu. Agbalẽa ɖe Yakob vi wui eve siwo nye Israel-to wui eveawo ƒe tɔgbuiwo la ƒe agbenɔŋutinya fia. Le tɔgbui wui eve siawo dome la, woƒo nu tsitotsito le Yosef, Yakob viawo dometɔ ɖeka ŋu. Eya yome woƒo nu le ale si Yakob kple via bubuawo kple eƒe ƒome blibo la ʋu yi Egipte la ŋu.
Togbɔ be amewo ŋue agbalẽ sia ƒo nu le hã la, nu vevitɔ si emenyawo ɖe fia lae nye Mawu ƒe nuwɔna. Agbalẽa ƒe gɔmedzedze ɖo kpe edzi be Mawue wɔ xexeme blibo la, eye wòwu enu kple Mawu ƒe kakaɖedzi be yeƒe ŋku le amegbetɔƒomea ŋu ɖaa. Mawu ƒe dɔwɔwɔ dze nyuie le agbalẽa me wu nu ɖe sia ɖe. Woɖee fia be eyae drɔ̃a ʋɔnu, eye wòhea to na nu gbegblẽ wɔlawo. Ekplɔa eƒe dukɔ, kpena ɖe eŋu, eye wòtrɔa asi le eƒe agbenɔnɔ ŋu. Woŋlɔ blemagbalẽ sia be woalé Israel-dukɔ ƒe xɔseŋutinya ɖi, eye woakpɔ egbɔ be xɔse sia nanɔ te tegbee.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Xexeme kple amegbetɔ wɔwɔ 1.1—2.25
Nu vɔ̃ kple fukpekpe ƒe gɔmedzedze 3.1-24
Tso Adam dzi va se ɖe Noa dzi 4.1—5.32
Noa kple tsiɖɔɖɔ la 6.1—10.32
Mɔ́tutu ɖe Babel 11.1-9
Tso Sem dzi va se ɖe Abraham dzi 11.10-32
Tɔgbuitɔgbui gãawo: Abraham, Isak, Yakob 12.1—35.29
Esau ƒe dzidzimeviwo 36.1-43
Yosef kple nɔviawo 37.1—45.28
Israelviwo le Egipte 46.1—50.26

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy