Mateo 12
12
Nunɔlawo ƒe lu tugutugu kple Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi.
1Le ɣemaɣi me la Yesu yi ɖato lugbleawo me le Sabat dzi, eye da wui eƒe nusrɔ̃lawo, eye wode asi lutiawo ŋeŋe me heva ɖuɖu ge. 2Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi. 3Ke egblɔ na wo bena; Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ, esime dɔ wu eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, kpɔ o mahã? 4Alesi wòyi ɖe mawuƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mɔ le eŋuti ne bena, eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti naɖu o, negbe nunɔlawo ko la oa? 5Alo miexlẽ le se la me kpɔ bena, nunɔlawo gblẽa Sabat-kɔ ɖo le mawuxɔa me, eye nuvɔ̃ mele wo ŋu o oa? 6Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi wu mawuxɔa la, le afii. 7Ke ɖe mienya nusia bena: „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, eye menye numeme o“ gɔme la, anye ne miedo ɖe amesiwo ŋu nuvɔ̃ mele o la, ta o. 8Elabena Sabat ƒe aƒetɔ enye Amegbetɔvi la.
9Esi wòdzo le afima la, eyi ɖe woƒe ƒuƒoƒe; 10eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu. 11Eye wògblɔ na wo bena: Ameka le mia dome, ne alẽ ɖeka le esi, eye alẽ ma dze do me le Sabat dzi la, malée, aɖee o mahã? 12Azɔ amegbetɔ tɔ mevena wu alẽ tɔ oa? Ale wɔ woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui le Sabat dzi esi. 13Tete wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye wògaɖɔ ɖo zu blibo abe ekeme ene. 14Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.
15Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu, 16eye wogbe nya na wo bena, woagana wòanya ye o; 17ne woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nu bena: 18„Kpɔ ɖa, ye dɔla, si metia; ye blɔtɔ, amesi dzea ye luʋɔ ŋu la; matsɔ ye Gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo. 19Mele nya he ge alo ɣli do ge gbeɖe o; eye amea ɖeke mele eƒe gbe se ge le ablɔwo me hã o. 20Mele aƒla ŋeŋe la ɖe ge le enu o, eye mele ɖovu bibi fiɖifiɖi la tsi ge o, vaseɖe esime wòawu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hena dziɖuɖu o. 21Eye dukɔwo lakpɔ mɔ na eƒe ŋkɔ.“
Dɔyɔyɔ gbɔgbɔ vi tɔa ɖe. Nuvɔ̃wɔwɔ ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu ƒe tohehe. Yona ƒe dzesi.
22Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu. 23Eye kuvia ɖo ameha la katã, eye wogblɔ bena: Alo nenem me sia la menye Dawid vie o ɖe? 24Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o. 25Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o; 26eye ne Satana nyã Satana ɖo go la, emã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti; azɔ aleke lawɔ, eye eƒe fiaduƒe la anɔ anyi mahã? 27Ne nye la menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul dzi la, ekema miaƒe ŋutsuviwo la, ameka dzi woto nyã wo do goe mahã? Eyakeŋuti la woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. 28Ke ne nye la menyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa go to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi la, ekema Mawu ƒe fiaɖuƒe la do ɖe mia dzi. 29Alo aleke ame lawɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi, ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi oa? Ekema ko hafi wòaha eƒe aƒemenuwo. 30Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna. 31Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo; ke busunya ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti la, womatsɔe ake o. 32Eye ne amea ɖe agblɔ nya ɖe amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke amesi ke agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava, va la me o. 33Alo mido ati nyui la, eye eƒe kutsetse lanyo; alo mido ati manyomanyo la, eye eƒe kutsetse la manye o; elabena ati ƒe tsetse wotsɔna dzea sii. 34Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna. 35Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la. 36Eye mele egblɔm na mi bena; Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, wòabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi. 37Elabena wò nyawo woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawo woatsɔ abu fɔ wò.
38Tete agbalẽfialawo kple farisitɔwo dome tɔa ɖewo ɖo eŋu gblɔ bena: Nufiala, miedi be, míakpɔ dzesi tso gbɔwò. 39Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womele dzesi na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko; 40elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃. 41Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena wòtrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒẽɖeɖe la nu; eye kpo ɖa, amesi wu Yona la, le afii! 42Dziehe-fianyɔnu la atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena etso keke anyigba seƒe ke va Salomo ƒe nunya se ge; eye kpɔ ɖa, amesi wu Salomo la, le aɖi! 43Ke esi gbɔgbɔ bliba la do go tso ame la me la, eyi ɖato ƒuƒuiƒewo le dzudzɔ dim, eye mekpɔe o. 44Tete wògblɔ bena: Magbugbɔ ayi ɖe nye aƒe, si me metso va la me; eye esi wòva la, ekpɔe wòle ƒuƒlu, wokplɔ eme, eye woɖo atsyɔ nɛ. 45Tete la Wòtɔ edzi heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adadre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ la, hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye esi woyi ɖe eme la, wonɔ afima; eye nenem me sia ƒe anyinɔnɔ megbetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ; nenema ke wòanɔ na nenem dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.
Yesu fia asi amesiwo nye eƒe ƒometɔ vavãwo.
46Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii. 47Eye amea ɖe va gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dawò kple nɔviwòwo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpli wò. 48Ke eɖo ŋu gblɔ na amesi gblɔe nɛ la, bena: Amekae nye danye, eye amekawo nye nɔvinyewo mahã? 49Eye wòdo eƒe abɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena: Kpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa! 50Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Mateo 12: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.