Luka 5
5
Petro ƒe ɖɔkpɔkplɔ.
1Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu; 2eye wòkpɔ ʋu eve le ta la nu; ke ɖɔkplɔlawo do go tso wo me, eye wole woƒe dɔwo kpalam. 3Eye esi woge ɖe ʋu ɖeka, si enye Simon tɔ me la, eɖe kuku nɛ be, wòatee ayii atso go ŋu ʋee. Eye esi wòbɔbɔ nɔ ʋua me la, efiã nu ɖo ɖe amehawo. 4Eye esi wòdzudzɔ nuƒoƒo la, egblɔ na Simon bena: Mite yi tɔ ƒo, eye miɖi miaƒe ɖɔwo, ne miaɖe lã. 5Eye Simon xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye miekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo. 6Eye esi wowɔ esia la, woɖe lã geɖe ŋutɔ, eye woƒe ɖɔwo le dzedzem; 7eye wòmia asi wo tɔ, siwo le ʋu bubu me la bena, woava ade asi eme na yewo. Eye wova, eye woyɔ ʋuawo kple eve fũ, ale be woɖe asi toyiyi me. 8Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye. 9Elabena kuvia ɖoe kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti, le ɖɔɖiɖi zi ɖeka ƒe lã, si woɖe la ŋuti; 10nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge. 11Eye esi woku ʋuawo va ƒo ɖe go la, wogblẽ nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.
Yesu da gbe le anyidzelaa ɖe ŋu.
12Eye wòva ve me bena, esime wòle duawo dometɔ ɖeka me la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe li, si ŋu yɔ fũ kple anyi, ke esi wòkpɔ Yesu la, edze klo tsyɔ mo anyi, eye wòɖe kuku nɛ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye. 13Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ. 14Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo. 15Ke geɖe wu nya la de dzi le eŋuti, eye ameha geɖewo va ƒo ƒu be, yewoase nya, eye be wòada gbe yewo ŋu le yewoƒe dɔlélewo me. 16Ke ete eɖokui heyi gbedzi, eye wòdo gbe ɖa.
Yesu da gbe le lãmetututɔa ɖe ŋu.
17Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu. 18Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖewo tsɔ amea ɖe, si nye lãmetututɔ la, ɖe aba dzi ve, eye wodi alesi woawɔ atsɔe ayi ɖe eme, eye be woatsɔe aɖo eƒe ŋku me. 19Eye esi womekpɔ alesi woawɔ atsɔe vɛ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖe xɔta, eye woɖiɖii ɖe anyi to mɔ, si woɖe la me kple eƒe aba la ɖe titina ɖe Yesu ŋku me. 20Eye esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ bena: Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò! 21Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa? 22Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã? 23Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ: wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, eye nazɔ azɔli mahã? 24Ke ne mianyɛ bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi, — egblɔ na lãmetututɔ la bena: Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, eye nakɔ wò aba dzi, eye nayi aƒewò me. 25Eye enumake wòtsi tre le woƒe ŋku me, eye esi wòkɔ nusi dzi wòmlɔ la, edzo yi eƒe me hele Mawu kafum. 26Eye kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu, eye woyɔ fũ kple vɔvɔ̃ hegblɔ bena: Miekpɔ nu makpɔgbeɖewo egbe.
Yesu yɔ Lewi.
27Eye nusiawo megbe la edo go, eye wòkpɔ nudzɔlaa ɖe, eŋkɔ enye Lewi, le anyinɔƒe le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme. 28Eye wògblẽ nuwo katã ɖi, eye wòtsi tre dze eyome. 29Eye Lewi ɖo kplɔ̃ gãa ɖe ne le eƒe me: eye nudzɔlawo kple ame bubuwo ƒe ha gãa ɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nuaɖuƒe kpli wo. 30Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã? 31Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiãa gbedala o, negbe dɔlélawo ko. 32Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko hena dzimetɔtrɔ.
Yesu ɖo nutsitsidɔ gɔme.
33Ke woawo la wogblɔ nɛ bena: Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna atraɖi, eye wonɔa gbe ɖom ɖa, nenema ke farisitɔwo tɔwo hã wɔna; ke tɔwòwo ɖua nu, eye wonoa nu. 34Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? 35Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke mawo me. 36Eye wòdo lo hã na wo gblɔ bena: Amea ɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, yeye la hã adze, eye yeye la ƒe nuɖeɖi mawɔ ɖeka kple xoxo la o. 37Eye amea ɖeke metsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo xoxowo me o, ke ne menye nenem o la, aha yeye la awo lãgbalẽgoloawo, eye eya ŋutɔ aƒu gbe, eye lãgbalẽgoloawo agblẽ 38ke boŋ woatsɔ aha yeye aɖe lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa woanɔ dedie. 39Eye amea ɖeke menɔa wein xoxo nom tso, eye wògadia yeye o; elabena egblɔ be: Xoxo la enyo wu.
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Luka 5: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.