Yesaya 12
12
Kafukafuhawo
1Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be,
“Makafu wò, O! Yehowa,
togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la,
wò dɔmedzoe nu yi,
eye nèfa akɔ nam.
2Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname.
Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o.
Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi,
eye eyae zu nye xɔname
3Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.”
4Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be,
“Mida akpe na Yehowa!
Miyɔ eƒe ŋkɔ,
miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome.
5Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo,
miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã.
6Mido ɣli, eye mitso aseye,
mi ame siwo le Zion,
elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.