Mafee gaa na ọdịnaya

Psalmowo 2

2
Mawu ƒe fia tiatia la
1 # Dɔw 4.25, 26. Nu ka ta dukɔwo le ɖoɖo vɔ̃wo wɔm,
eye dukɔwo le nugbe ɖom ɖe ya me?
2Anyigba dzi fiawo tso,
eye dziɖulawo ƒo ta kpli, de adaŋu
ɖe Aƒetɔ kple eƒe amesiamina ŋu be:
3“Mina míatso woƒe kɔsɔkɔsɔwo,
eye míatu woƒe kawo ɖa
le mía ɖokui ŋu.”
4Ame si bɔbɔ nɔ dziƒowo la,
le nu kom;
Aƒetɔ le alɔ me ɖem
le wo ŋu.
5Tete wòaƒo nu na wo le eƒe dɔmedzoe me,
eye wòado ŋɔdzi na wo le eƒe dziku me be:
6“Meɖo nye fia
ɖe Zion, nye togbɛ kɔkɔe la dzi.”
7 # Dɔw 13.33; Heb 1.5; 5.5. Maƒo nu tso Aƒetɔ ƒe sedede ŋu:
Egblɔ nam be: “Vinyee nènye,
egbeae medzi wò.
8Bia tanye se,
eye mawɔ dukɔwo wò domenyinui,
eye anyigba ƒe mlɔenuwo
azu tɔwò.
9 # Nyaɖ 2.26, 27; 12.5; 19.15. Àtsɔ gakpo agbã wo,
eye àkaka wo abe zemela ƒe ze ene.”
10Eya ta azɔ mi fiawo, midze nunya.
Mi anyigba dziɖulawo,
woɖo afɔ afɔta na mi hee!
11Mitsɔ vɔvɔ̃ subɔ Aƒetɔ,
mitsɔ dzodzo nyànyanya 12gbugbɔ eƒe afɔ.
Ne magado dɔmedzoe,
eye miatsrɔ̃ le mɔ la me o;
elabe eƒe dɔmedzoe flana
kabakaba.
Woyra ame siwo katã síi tso la.