Salomo ƒe Lododowo 21
21
1Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Aƒetɔ si me.
Afi si wòlɔ̃ la, afi ma wòkplɔnɛ ɖoa tae.
2Ame ƒe nuwɔnawo katã dzɔna
le eya ŋutɔ ŋkume;
ke Aƒetɔ ye daa dziwo kpɔna.
3Nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ
dzea Aƒetɔ ŋu wu vɔsa.
4Ɖokuiŋudzedze kple ɖokuidodoɖedzi la,
ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi
si nye nuvɔ̃ la ko wonye.
5Kutrikula ƒe ɖoɖowo ɖea vi fũu godoo;
ke hiã kaa ame si wɔa nu
kple dzitsitsi ya godoo.
6Alakpaɖetsɔtsɔ kpɔ kesinɔnui la,
dzudzɔ si nu va yina la kple ku ƒe mɔ̀ wònye.
7Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasesẽ tsrɔ̃a wo
elabe wogbe nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
8Fɔɖila ƒe mɔ glɔ̃;
fɔmaɖila wɔa nu dzɔdzɔe.
9 #
Sir 25.16. Xɔ ta ƒe dzogoe dzi nɔnɔ nyo wu
aƒeme nɔnɔ kple nyɔnu dzrewɔla.
10Ame vɔ̃ɖi ƒe luʋɔ dia vɔ̃wɔwɔ;
ehavi ƒe nu mewɔa nublanui nɛ o.
11Ne wohe to na fewuɖula la,
ame manyanu dzea nunya;
ne wofia nu nunyala la,
edzea si nu.
12Dzɔdzɔetɔ la léa ŋku
ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu,
eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒua gbe
ɖe gbegblẽ me.
13Ame si do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la,
eya hã ava do ɣli,
eye womasee nɛ o.
14Nunana ame le adzame
tsia dɔmedzoe nu,
eye zãnuxɔxɔ faa adãwɔwɔ nu.
15Nu dzɔdzɔe wɔwɔ nye dzidzɔ na ame dzɔdzɔe;
ke enye ŋɔdzi na nu madzɔmadzɔ wɔlawo.
16Ame si tra tso nugɔmesese ƒe mɔ dzi la,
aɖagbɔ ɖe eme le ame kukuwo de.
17Ame si lɔ̃ agbeɖuɖu la,
azu hiãtɔ;
ame si lɔ̃ wain kple ami la,
makpɔ kesinɔnu o.
18Ame vɔ̃ɖi wotsɔna léa avu
ɖe ame dzɔdzɔe nu,
eye ame mawɔnuteƒe wotsɔna léa avu
ɖe nuteƒewɔlawo nu.
19Kegbegbenɔnɔ nyo wu
nyɔnu dzrewɔla dzikudola gbɔ nɔnɔ.
20Kesinɔnu vevi kple ami nɔa nunyala ƒeme,
ke bometsila gblẽa wo dome.
21Ame si dia nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dɔmenyowɔwɔ la,
akpɔ agbe, dzidzedze kple bubu.
22Nunyala ge ɖe kalẽtɔwo ƒe du me,
eye wòmu mɔ́ sesẽ si ŋu
wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.
23Ame si kpɔa eƒe nu kple aɖe dzi la,
medea eɖokui xaxa me o.
24Dàdala adegbeƒola si wɔa nu tovo vivivo lae
woyɔna be fewuɖula.
25Kuviatɔ ƒe nudzodzroe wunɛ
elabe eƒe asi gbe dɔwɔwɔ.
26Ame vɔ̃ɖi le ŋukeklẽ dzi ɣe sia ɣi
esime ame dzɔdzɔe ya naa nu megbemakpɔtɔe.
27 #
Sir 7.9. Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu xoxo;
ɖe magavɔ̃ɖi wu
nenye be wòtsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi oa?
28Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃;
ke toɖola ƒe nya anɔ anyi ɖaa.
29Ame vɔ̃ɖi lia mo vɔvɔ̃ manɔmee;
ke nuteƒewɔla léa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu.
30Nunya kple nugɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖo aɖeke
manɔ te ɖe Aƒetɔ ŋu o.
31Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu;
ke Aƒetɔ si me dziɖuɖu le.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.