Mafee gaa na ọdịnaya

Yesaya 29

29
Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi
1Ao, Ariel, Ariel, baba!
Du si me David ƒu asaɖa
anyi ɖo kpɔ!
Mina ď nadze ď yome,
eye miaɖu ŋkekenyui ɖe ɖoɖo nu,
2ekema Ariel naɖo xaxa me.
Konyifafa kple hũɖeɖe anɔ anyi,
eye wòanɔ nam ko abe Ariel ene.
3Maƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò godoo.
Mana aʋakɔwo namimi wò ɖo,
eye mana asrafowo naƒo kpo
kɔkɔwo ɖe ŋuwò.
4Woaɖiɖi wò ɖe anyi.
Anyigba tume kee nàƒo nu tso.
Wò gbe si ɖiɖi la,
aɖi ʋĩi tso ʋuʋudedi me.
Àƒo nu abe ŋɔli ene tso to me.
Dalĩ ko nàdo tso anyigba tume.
5Ke futɔ gbogbo siwo tso ɖe ŋuwò la,
anɔ abe ʋuʋudedi memee ene,
eye ame geɖe siwo sẽ ŋuta
le ŋuwò la,
anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu ene.
Nu sia adzɔ zi ɖeka kpata.
6Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ava gbɔwò
kple dziɖegbe, anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi,
yali, ahomya kple dzobibi.
7Dukɔwo ƒe ameha
siwo katã ho aʋa ɖe Ariel ŋu
kple ame siwo katã tso
ɖe eya kple eƒe mɔ́ sesẽ la ŋu,
eye woɖaxaxae ɖo la,
anɔ abe drɔ̃ekuku
kple ŋutegakpɔkpɔ le zã me ene.
8Ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e
be yele nu ɖum,
ke wònyɔna kple dɔwuamee,
eye ale si tsikɔwuitɔ kua drɔ̃e
be yele tsi nom,
ke wòfɔna kudɔkudɔ,
eye eƒe ve me ƒuna kplakplakplae la,
nenemae dukɔ siwo katã ho aʋa
ɖe Zion-toa ŋu la, anɔ.
Dukɔ la gbe nusese
9Mido aso mia ɖokui,
ne miazu asotɔwo.
Mimia ŋku,
ne miazu ŋkunɔwo.
Mimu aha;
ke menye wain o.
Minɔ yiyim sagasaga,
ke menye aha sesẽ ye wɔe o.
10 # Rom 11.8. Elabe Aƒetɔ trɔ alɔ̃ kpekpe
ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi.
Etre miaƒe ŋku,
siwo nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo la,
eye wòtsyɔ nu miaƒe ta,
siwo nye nukpɔlawo la.
11Ale ŋutegawo katã va zu na mi abe agbalẽ si nu wotre la me nyawo ene. Ne wotsɔe na agbalẽnyala, hegblɔ nɛ be: “Xlẽe” la, agblɔ be: “Nyemate ŋui o, elabe wotre enu.” 12Ne wotsɔe na agbalẽmanyala be: “Xlẽe” la, agblɔ be: “Nyemate ŋu axlẽe o.”
13 # Mat 15.8, 9; Mar 7.6, 7. Eya ta Aƒetɔ la gblɔ be:
“Dukɔ sia vaa gbɔnye kple woƒe nu,
eye wodea bubu ŋunye kple woƒe nuyi,
ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye.
Ɖeko wosrɔ̃e le amewo gbɔ
be yewoasubɔm susu manɔmee.
14 # Kor I, 1.19. Eya ta kpɔ ɖa, magaɖe nukunu geɖe afia
dukɔ sia;
nukunuwo ƒe nukunu wòanye.
Nunya abu ɖe woƒe nunyalawo,
eye nugɔmesese así abè
ɖe woƒe nugɔmeselawo.”
Mɔkpɔkpɔ gbɔna
15Baba na ame siwo bèna
le Aƒetɔ, woƒe aɖaŋuɖola ŋkume,
be yewoawɔ ɖoɖo ne wòaganya o.
Wowɔa nu le vivime hegblɔna be:
“Ame kae le mía kpɔm?
Ame kae nya mí?”
16 # Yes 45.9; Sir 33.13; Rom 9.20. Mietrɔ nuwo ƒe ta tu.
Ɖe tsu le abe zemela ene,
ne nuwɔwɔ nagblɔ na ewɔla be:
“Menye wòe wɔm o,”
eye numeme nagblɔ na emela be:
“Wò ya mele ɖeke me sem o” mahã?
17Ɖe mesusɔ vie ko
ne Lebanon natrɔ zu atibɔ,
eye woabu atibɔ ɖe avewo dome oa?
18Ɣe ma ɣi la, tokunɔwo ase
agbalẽa me nyawo,
eye ŋkunɔwo akpɔ nu
le blukɔ kple viviti me.
19Ame fatuwo akpɔ dzidzɔ
le Aƒetɔ ŋu, agakpɔe ake,
eye ame siwo da ahe wu
le amegbetɔwo dome la,
atso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
20Elabe ŋutasẽlawo avɔ ɖa,
fewuɖulawo nu ayi,
eye ame siwo katã bua
nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋuti la,
woatsrɔ̃ wo.
21Woawoe nye ame siwo blea ame
dea nya me le ʋɔnu,
ame siwo trea mɔ̀ na nyadrɔ̃la
le ʋɔnu,
eye wotsɔa alakpa bua fɔ
ame si ƒe nya dzɔ la.
22Eya ta Aƒetɔ, ame si ɖe Abraham la
gblɔ le Yakob ƒe ƒome la ŋu be:
“Ŋu magakpe Yakob azɔ o,
eye eƒe mo magayi to o.
23Elabe ne ekpɔ via siwo nye
nye asinudɔwɔwɔwo le wo dome la,
woakɔ nye ŋkɔ ŋuti;
woakɔ Yakob ƒe Kɔkɔetɔ la ŋuti,
eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.
24Ame siwo tra le gbɔgbɔ me la,
ase nu gɔme,
eye ame siwo lia liʋiliʋĩ la,
woasrɔ̃ nunya.”