Mafee gaa na ọdịnaya

Yesaya 17

17
Mawu ahe to na Siria kple Israel
1 # Yer 49.23-27; Amos 1.3-5; Zax 9.1. Gbedeasi ɖe Damasko ŋu.
Kpɔ ɖa, Damasko maganye du azɔ o;
atrɔ zu aƒedo.
2Woagblẽ Aroer ƒe duwo ɖi,
woazu lãhawo tɔ;
woamlɔ anyi ɖe afi ma,
eye ame aɖeke mado vɔvɔ̃ na wo o.
3Efrayim ƒe mɔ́
kple Damasko ƒe fiaɖuƒe nu ayi.
Siria ƒe ame susɔeawo ƒe ŋusẽ
anɔ abe Israelviwo tɔ ene.
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
4Ɣe ma ɣi la,
Yakob ƒe bubu dzi aɖe kpɔtɔ,
eye ami avɔ le eŋu.
5Anɔ abe ale si nuŋela léa ahɔliti,
eye eƒe asi ŋea blii ene.
Aganɔ abe ale si wofɔa bli
si ge ɖe anyigba
le Rafaim-bali mee la ene.
6Kutsetse asusɔ ɖe edzi
hena esiwo ge fɔlawo,
abe ale si wogbea amiti tsetsee ene.
Kutsetse eve alo etɔ̃ tsia eƒe ɖɔ me;
ene alo atɔ̃ nɔa ati tseku la
ƒe alɔwo me.
Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu lae gblɔe.
7Ɣe ma ɣi la, amegbetɔwo atrɔ ɖe woƒe Wɔla ŋu, eye woƒe ŋku anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe asi nu kpɔm. 8Womatrɔ kɔ ɖe vɔsamlekpui siwo nye woƒe asinudɔwɔwɔ la ŋu o, eye womanye kɔ akpɔ nyɔnumawu Asera kple ɣelegba siwo woawo ŋutɔ ƒe asi wɔ la o.
9Ɣe ma ɣi la, wò du sesẽwo azu gbegbe, abe Xivitɔwo kple Amoritɔwo ƒe aƒedo siwo wogblẽ ɖi hesí le Israelviwo nu la ene.
10Elabe èŋlɔ Mawu
si xɔ wò ɖe agbe la be,
eye mèɖo ŋku wò agakpe
si nye wò sitsoƒe la dzi o.
Eya tae nède agble siwo nyakpɔ,
eye nètsɔ du bubu me tɔwo
ƒe wainka do ɖe wo me.
11Gbe si gbe nèdo nukua la,
ètɔ kpɔ ɖe eŋu,
eye esi ŋu ke la,
èna wò nukuawo ƒo se.
Ke nuŋeɣi la zu dɔ vlo;
ezu fukpekpe kple veve helihelĩ segbe.
Woɖu futɔwo ƒe dukɔwo dzi
12Aléle, dukɔ geɖewo dze agbo,
wole gbe ɖem abe atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ ene.
Dukɔwo ƒe hoowɔwɔ
le abe tɔ dzeagbowo tɔ ene.
13Dukɔwo le hoo wɔm
abe tsi geɖewoe le hoo wɔm ene;
ke ablu ɖe wo ta,
eye woasí ayi adzɔge ʋĩi.
Woɖe wo ɖe nu,
abe gbe ƒuƒue le ya nu le towo dzi,
alo yali le ahom nu ene.
14Fiẽ la, ŋɔdzie!
Hafi ŋu nake la,
womegali o.
Esiae nye ame siwo da adzo mí la,
ƒe gome
kple mía halawo ƒe fetu.