Mafee gaa na ọdịnaya

Yesaya 14

14
Tɔtrɔ gbɔ tso aboyo me
1Ke Aƒetɔ akpɔ nublanui na Yakob, eye wòagatia Israel. Agaɖo wo gɔme anyi ɖe woƒe anyigba dzi ekema amedzrowo akpe ɖe wo ŋu, eye woatsɔ wo ɖokui alé ɖe Yakob ƒe ƒome la ŋu. 2Dukɔwo akplɔ wo agbɔ va aƒee. Tete Israel-dukɔ la axɔ wo, woazu eƒe domenyinu abe kluviwo kple kosiwo ene le Aƒetɔ ƒe anyigba la dzi. Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu amegã ɖe ame siwo te wo ɖe to la dzi.
Babilon-fia le tsiẽƒe
3Ava eme be ne Aƒetɔ na vovo wò tso fukpekpe kple fuɖeɖe kpakple dɔ sesẽ siwo wotsɔ do kluvi wòe me la, 4ekema adzi fewuɖuha sia ɖe Babilonia-fia ŋu be:
“Ameteɖeanyila megali o!
Ŋutasesẽ nu tso!”
5Aƒetɔ ŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽti,
dziɖulawo ƒe atikplɔ,
6siwo wotsɔ ƒo dukɔwo le dziku me atraɖii,
te dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me
heti wo yome madzudzɔmadzudzɔe.
7Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme,
ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,
eye wode asi aseyetsohawo dzidzi me.
8Sesewuwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋuwò.
Lebanon-sedertiwo le gbɔgblɔm be:
‘Esime womu wò ƒu anyi kpaa,
ame aɖeke megava lã mí kpɔ o.’
9Tsiẽƒe le to me ʋĩi, tso hiã
be ne èva ɖo la, yeakpe wò.
Enyɔ ame kukuwo
kple kplɔlawo katã le anyigba dzi
be woado dzaa na wò.
Ena dukɔwo ƒe fiawo katã tsi tsitre
le woƒe fiazikpuiwo dzi.
10Wo katã woaɖo eŋu
agblɔ na wò be:
‘Wò hã èva gbɔdzɔ
abe míawo ke ene!
Èzu abe míawo ke ene!’
11Woɖiɖi wò atsyɔ̃ yi tsiẽƒe;
wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi hã yi.
Nyéwo nye aba le tewò,
eye ŋɔwo nye avɔ nètsyɔ.
12 # Nyaɖ 8.10; 9.1. “O Babilon-fia!
Wò Ŋukeɣletivi!
Wò Agudzeviŋutsu!
Kpɔ ale si nège tso dziƒo
va dze anyii la ɖa!
Woƒo wò ƒu anyi,
wò ame si te dukɔwo ɖe anyi la!
13 # Mat 11.23; Luk 10.15. Ke ègblɔ le wò dzime be:
‘Malia ayi dziƒo;
mali nye fiazikpui
ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame,
eye mabɔbɔ nɔ anyi ɖe Takpeƒeto la dzi
le dzigbeme ke ɖa.
14Malia ayi alilikpowo tame,
eye mawɔ ɖokuinye
abe Dziƒoʋĩtɔ la ene.’
15Ke wotutu wò yi tsiẽƒe,
yi keke aʋlime ke.
16Ame siwo kpɔ wò la,
woaɖe ŋku ɖe wò,
abu ŋuwò ʋuu agblɔ be:
‘Ŋutsu si na anyigba dzo nyànyanya,
eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo lae nye esia ɖe!
17Ame si wɔ xexea me wòzu kegbegbe,
gbã eƒe duwo,
eye wògbe asiɖeɖe le gamenɔlawo ŋu
ɖo ɖe wo de lae nye esia ɖe!’
18Anyigbadzifiawo katã mlɔ anyi ɖe
woƒe ɖiƒewo le bubu me;
ɖe sia ɖe le eƒe yɔdo me.
19Ke wò ya, wotsɔ wò ƒu gbe
abe atilɔ si wotsɔ ƒu gbe
alo lã kuku si wofanya kple afɔ la ene.
Ame tsiaʋa siwo tsi yi nu,
eye woyi agumekpewo gbɔ lae tsyɔ dziwò.
20Màsɔ kple woamawo
le yɔ me o,
elabe ègblẽ wò anyigba,
eye nèwu wò dukɔmetɔwo.
“Womagayɔ nuvɔ̃ɖi wɔlawo
ƒe dzidzimeviwo ŋkɔ gbeɖegbeɖe o.
21Midzra amewuƒe ɖo
na via ŋutsuwo wuwu
le wo tɔ́wo ƒe vodada ta
bene womagatso axɔ anyigba la,
eye woatso duwo ɖe edzi o.”
Mawu agbã Babilon
22Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Matso ɖe wo ŋu, eye maɖe Babilon ŋkɔ ɖa. Matsrɔ̃ eƒe ame susɔeawo kple dzidzimeviwo ɖa,” Aƒetɔ lae gblɔe. 23Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple tsinɔƒee. Matsrɔ̃ teƒea keŋkeŋ abe xae wotsɔ kplɔe ene.”
Mawu atsrɔ̃ Asiriatɔwo
24 # Yes 10.5-34; Nax 1.1—3.19; Zef 2.13-15. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ka atam be:
“Nu si meɖo la,
eya koe adzɔ!
Nu si meɖo kplikpaa la,
eyae mawɔ!
25Matsrɔ̃ Asiriatɔ le nye anyigba dzi
eye mafanyae kple afɔ
le nye towo dzi.
Eƒe kɔkuti aɖe ɖa le wo ŋu,
eye eƒe agba aɖe ɖa le woƒe abɔta.
26Nugbe si meɖo
ɖe anyigba blibo la ŋu lae nye esi:
Abɔ si mekɔ dzi
ɖe dukɔwo katã ŋu lae nye esi.”
27Elabe ne Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
ɖo nu ɖe tame la,
ame kae agblẽ eme?
Ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la,
ame kae agbugbɔe?
Aƒetɔ atsrɔ̃ Filistitɔwo
28 # Fia II, 16.20; Kron II, 28.27. Ƒè si me fia Axaz ku lae woɖe gbeƒã gbedeasi sia:
29 # Yer 47.1-7; Xez 25.15-17; Yoel 3.4-8; Amos 1.6-8; Zef 2.4-7; Zax 9.5-7. O Filisti-nyigba blibo la,
mèganɔ dzidzɔ kpɔm
be ati si ƒo wò la ŋe o,
elabe dakpui ado tso da ƒe kè me,
eye eƒe kutsetse anye
da vɔ̃ɖi si to aʋala.
30Manyi ame dahewo ƒe ŋgɔgbeviwo,
eye hiãtɔwo amlɔ anyi bɔkɔɔ le dziɖeɖi me.
Ke matsɔ dɔwuame awu wò kè,
eye woatsrɔ̃ wò ame susɔeawo.
31O agbo, fa avi sesĩe!
O du, fa avi!
Miawoe, Filistitɔwo, mi katã,
vɔvɔ̃ neɖo mi.
Elabe dzudzɔ le tutum
tso dzigbeme gbɔna;
ame ɖeka pɛ hã metsi megbe
le wo ŋu o.
32Ke ale ke ame aɖo eŋu
na dukɔ la ƒe amedɔdɔwoe?
Aɖo eŋu be: “Aƒetɔ ye tsò Zion,
eye wòanye sitsoƒe
na eƒe dukɔ la ƒe hiãtɔwo.”